Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Malaki 2:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne miegbe toɖoɖo, eye nya mede dzi gbɔ na mi o la, ekema maɖo fiƒode ɖa ɖe mia ŋu, eye matrɔ miaƒe yayra wòazu fiƒode; meƒo fi dee xoxo, elabena nya mede dzi gbɔ na mi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be, ‘Ne mietrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi hede bubu ŋunye o la, maƒo fi ade mi, eye mana be miaƒe yayrawo nazu fiƒode. Le nyateƒe me la, meƒo ƒi de mi xoxo elabena mieɖo ta me be yewoade bubu ŋunye o.’

Onani mutuwo Koperani




Malaki 2:2
31 Mawu Ofanana  

Wotsɔ veve nam be, maɖu, eye esi tsikɔ wum la, wokpe aha tsitsi nam.


Yehowa ƒe fiƒode le ame vɔ̃ɖi la ƒe me, ke eyraa ame dzɔdzɔe la nɔƒe.


Etrɔ eƒe dziku ƒe dɔmedzoe kple aʋa ƒe ŋusẽ kɔ ɖe wo dzi, eye wòlé dzo bi ƒo xlã wo, ke womedze sii o, efiã wo, ke mede dzi gbɔ na wo o.


Egblɔ be, yeanye aƒenɔ daa tegbee; esia mede dzigbɔ na wò o, eye meɖo ŋu alesi woava nɔ emegbe o.


Amekae le ŋɔ dzim na wò, eye ameka vɔ̃m nèle, be nèzu alakpatɔ, meɖo ŋku dzinye o, eye nya mede dzigbɔ na wò o? Esi mezi kpi eteƒe didi la, menye eyatae negbem vɔvɔ̃ ɖo oa?


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Mieɖo tom, be mia dome amesiame naɖe gbe ƒã ablɔɖe na nɔvia kple ehavi o, eyata ale Yehowa gblɔ esi: Maɖe gbe ƒã ablɔɖe na mi hena yi, dɔvɔ̃ kple dɔwuame, eye matsɔ mi awɔ ŋɔdzidonu na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã.


Ke Israel ƒe aƒe la mele to ɖo ge wò o, le esi wogbe toɖoɖom ta; elabena ŋgonu kplala kple dzi kuatri li na Israel ƒe aƒe blibo la.


Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋeea ɖe ko mieŋe; miedu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.


Miele nu geɖe sinu kpɔm, gake mesɔ gbɔ o; miehe nu va aƒee, ke meɖo ƒuƒu ɖee. Yehowa be: Nuka tae ma? Le esi nye xɔ nye glikpo li, ke miawo mia dome amesiame le duɖime kem le eƒe xɔtutu me la tae!


Mi nunɔlawo, mia tɔe nye se siawo:


Woƒo fi ɖe mi tso, hafi mi kafã miele fluyem.


Alo amesiwo atrɔ atsɔ bubu na Mawu la meli o, negbe amedzro sia ko mahã?


Tete Yosua gblɔ na Axan bena: Vinye, de bubu Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, eye na woakafui! Gblɔe nam dzro, nuka gɔ̃ nèwɔ? Megada alakpa nam o!


Ne amea ɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe mawunya ene; ne amea ɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu tsɔ kee la subɔ, bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye miɖe ta agu na amesi wo dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.


Eye dzoxɔxɔ gã ŋuta ɖu amewo, eye wode busu Mawuƒe ŋkɔ, si kpo ŋusẽ ɖe fuwɔame siawo dzi, eye wometrɔ le woƒe dzi me, bene woatsɔ kafukafu nɛ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa