Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Malaki 2:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye ne miegblɔ be, nuka me hã la, le esi Yehowa nye ɖasefo na mia kple wò ɖekakpuimesrɔ̃, si ŋu nèto vo ɖo la tae, evɔ wònye wò zɔhɛ kple nyɔnu, si nẽhla nu kplii la, wònye hafi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Miefa avi bia Yehowa be: “Mawu, nu ka tae nègblẽ mí ɖi?” Magblɔ nu si ta wògble mi ɖi la na mi; Yehowa kpɔ ale si miewɔ tamesesẽ hegbe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo nɔ anyi kpli mi le nyateƒetoto me ƒe geɖe lae. Evɔ mieɖe adzɔgbe be miakpɔ wo dzi, eye miagblẽ wo ɖi ɣe aɖeke ɣi akpɔ o.

Onani mutuwo Koperani




Malaki 2:14
22 Mawu Ofanana  

Ɖe menye ame ɖekae wɔ mi, eye wole míaƒe agbe ɖe le oa? Nuka dim ame ɖeka la le? Mawu ƒe ƒome dim wole. Eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye megawɔ nu tovo ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu o.


Elabena Yehowa ya wò abe nyɔnu, si wogblẽ ɖi wòle nu xam ene, eye abe ɖekakpuime srɔ̃, si wogbe ene, Yehowa ye gblɔe.


Mia kple nyɔnu, si nèlɔ̃na la, miɖu agbe le wò agbenɔnɔ ƒuƒlu ƒe ŋkekewo katã, si wotsɔ na wò le ɣea le la me, ŋkeke ƒuƒlu, siwo katã nele agbe; elabena esia nye wò agbe kple wò agbagba, si nèdze le ɣea te la ƒe gome.


Ne ate vinyenyɔnuwo ɖe anyi, alo naɖe srɔ̃ bubu akpe ɖe vinyenyɔnuawo ŋu la — amea ɖeke mele mia gbɔ o, Mawu koe nye ɖaseɖila le mia kpli wo dome.


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Eye wogblɔ na Yeremya bena: Yehowa nenye ɖasefo anukwaretɔ kple nuteƒewɔla na mí, nenye be, míewɔ ɖe nya, siwo katã Yehowa, wò Mawu, aɖo ɖe mí la nu o.


Ne ŋukpe lé wo, le esi wowɔ nu nyɔŋu ta hã la, woƒe mo metsia dã o, eye womenyaa nukae nye ŋukpe o. Eyata woatsi ame tsiaʋawo dome, eye wòadze anyi le ɣeyiɣi, si mahe to na wo, Yehowa ye gblɔe.


amesi gblẽ eƒe ɖetugbi me srɔ̃ ɖi, eye wòŋlɔ woƒe Mawu ƒe nubabla be;


Mi dukɔwo katã, misee, anyigba kple edzl nuwo, miƒu to anyi! Aƒetɔ Yehowa nye ɖasefo ɖe mia ŋu, Aƒetɔ la tso eƒe gbedoxɔ kɔ: kɔe la me!


Tete meva to ŋuwò yi, eye mekpɔ be, wò srɔ̃ɖeɣi ɖo; mekeke nye aʋala ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò ama, meka atam na wò, eye mebia nu kpli wò nèzu tɔnye; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Alea nye gbolɔ toƒe hã; eɖua nu tutua nu xalixali gblɔna be: Nyemewɔ nu baɖaa ɖeke o.


Edze tugbe, xɔ̃nye, èdze tugbe loo! Wò ŋkuwo le abe ahɔne ƒe ŋkuwo ene.


Eye wògblɔ na wo bena: Yehowa kple eƒe amesiamina la wonye ɖasefo na mi egbe sia be, miekpɔ miaƒe naneke le asinye o. Woɖo ŋu bena: Eya nye ɖasefo!


Eye Yehowa Mawu gblɔ bena: Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.


„Nukaŋuti míetsi nu dɔ, eye mèlé ŋku ɖe eŋu o, míeka hiã mía ɖokui, eye mèdze sii o?“ Kpɔ ɖa, miewɔ ɖɔ le miaƒe nutsidɔgbe, eye mieƒo du ɖe miaƒe dɔwɔlawo nu.


Gilead-ame tsitsiwo gblɔ na Yefta bena: Yehowa enye ɖasefo le mía dome! Miawo, abe alesi nègblɔ ene kokoko.


ɖe amegbetɔ aflu Mawu, hafi miawo miele fluyema? Eye ne miebe: Nuka míetsɔ flu wòe hã la, ɖe menye nuwo ƒe ewolia kple adzɔwoe oa?


Yehowa be: Wotsɔa alakpa vua woƒe aɖekawo mee abe dati ene, eye menye nyateƒetotoe nana wokpɔa ŋusẽ le anyigba dzi o. Elabena wohona tsoa vodada gbɔyia vodada gbɔ, ke nye la, womedzea sim o.


Ke vinye, nukaŋuti nyɔnu tutɔ ana nana ya mum, eye nakpla asi kɔ na dutanyɔnu?


elabena wowɔ ŋukpenanu le Israel, be wowɔ ahasi kple wo haviwo srɔ̃wo, eye wogblɔ alakpanya, si nyemede wo si o la, le nye ŋkɔ me. Menyae, eye menye ɖasefo, Yehowa ye gblɔe!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa