Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Malaki 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 mietsɔ nuɖuɖu makɔmakɔwo va nye vɔsamiekpui dzi hafi le gbɔgblɔm be. Nuka míetsɔ do gu wo hã? Eye miele gbɔgblɔm be: Yehowa ƒe kplɔ̃ ɖi gbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 “Mietsɔ nuɖuɖu makɔmakɔwo sa vɔe nam le nye vɔsamlekpui dzi, “Gake miebiam be, ‘Gbe ka gbee míewɔ nane nenema kpɔ?’ “Le esime míedoa vlo Yehowa ƒe kplɔ̃ le amewo gbɔ be megale ɖeke me o.

Onani mutuwo Koperani




Malaki 1:7
14 Mawu Ofanana  

vɔsamlekpui, si wotso ati wòe la ene, ekɔ abɔklugui etɔ̃, eye wòdidi abɔklugui eve, dzogoewo li ne, afɔ le egɔme, eye eƒe axawo dzi nye ʋuƒo. Eye wògblɔ nam bena: Esia nye kplɔ̃, si le Yehowa ŋku me.


Woawo neyi nye kɔkɔeƒe la, eye woate de nye kplɔ ŋu, ne woasubɔm, eye woawɔ nye subɔsubɔdɔwo.


Migatsɔ amɔwɔ ʋaʋã wɔ nuɖuvɔ, si miasa na Yehowa la, dometɔa ɖeke o, elabena womatɔ dzo amɔwɔ ʋaʋã alo anyitsinua ɖeke na Yehowa o.


Woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womaƒo ɖi woƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena woawoe sa Yehowa ƒe dzovɔ, si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu, eyata woanɔ kɔkɔe.


Bu nunɔlawo kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa wò Mawu ƒe nuɖuɖu sa vɔe. Ame kɔkɔewo woanye na wò, elabena nye Yehowa, si kɔ mia ŋu la, mele kɔkɔe.


Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, dzovɔsanuɖuɖu wònye na Yehowa.


Ke miawo miedo gui hele gbɔgblɔm be; Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu mekɔ o, eye edzi nuɖndu le ŋu nyɔm.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miele gbɔgblɔm be, eɖuɖu la, fuɖename wònye; eye mietsɔ adzonuwo, lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo va sa vɔe. Ɖe mele esia dim tso mia si mea? Yehowa ye gblɔe.


Ne mietsɔ: lã ŋkuagbã va sa vɔe la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o; eye ne mietsɔ lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo vɛ la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o. Tsɔe yi na wò anyigbanunɔla kpɔ be, wò nu adze eŋu, eye wòalɔ wò nya hã? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Miate ŋu ano Aƒetɔ la ƒe kplu, agano gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu hã o; miate ŋu akpɔ gome le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋuti, agakpɔ gome le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋuti hã o.


Ke ne nu wòe, eƒe afia ɖe ŋe, eƒe ŋku gbã, alo nu manyatanua ɖe wòe la, ekema megatsɔe sa vo na Yehowa, wò Mawu la o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa