Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Malaki 1:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye miakpɔe kple miaƒe ŋkuwo agblɔ hena; Yehowa tri akɔ gbɔ Israel ƒe anyigba ta!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 O, mi, Israelviwo, mitsa ŋku ne miakpɔ nu siwo wɔm Yehowa le, le xexea me godoo ekema miagblɔ be, ‘Nyateƒee, Yehowa ƒe ŋusẽ tri akɔ la gbɔ míaƒe liƒowo ŋu yi sãsãsã!’

Onani mutuwo Koperani




Malaki 1:5
14 Mawu Ofanana  

Eyata Yehowa ƒe dɔmedzoe va Yuda kple Yerusalem dzi, eye wòwɔ wo wòzu bibidonu, ŋɔdzinu kple alɔmeɖenu, abe alesi miele ekpɔmi kple miaƒe ŋkuwo ene.


eye àho ɖe nye dukɔ Israel ŋu, anyẽ atsyɔ anyigba la abe alilikpo ene; ŋkekeawo ƒe nuwuwu wòava me; Gog, makplɔ wò aƒu nye anyigba, ne dukɔwo nadze sim, ne mekɔ ɖokuinye ŋu ɖe ŋutiwò le wo ŋku me!


Mado gã ɖokuinye, makɔ ɖokuinye ŋu, eye maɖe ɖokuinye afia le dukɔ geɖewo ŋku me, ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.


Eye Israel-duwo me towo ado ayi aɖado dzo, eye woatso aʋawɔnuwo, akpoxɔnu gã kple via, datiwo kple aŋutrɔwo, kpowo kple akplowo ade dzo; woatsɔ wo ado dzoe ƒe adre sɔŋ.


Eyama anye gŋutifafa. Eye ne Asur va míaƒe anyigba ɖzi, eye wòbe, yeaɖo afɔ mlaƒe fiasãwo me la, míadɔ lã-kplɔvi adre kple amegã enyi ɖe eŋu.


Elabena mia ŋutɔwo miekpɔ nu gã, siwo Yehowa wo la, kple ŋku.


Mia ŋutɔwo miekpɔ nusi Yehowa wɔ Baal-Peor, kple miaƒe ŋkuwo, elabena Yehowa, wò Mawu, tsrɔ̃ amesiwo katã dze Baal-Peor yome la ɖa le mia dome,


Eye wodo ɣli yɔ Yehowa, tete wòde viviti mia kple Egiptetɔwo dome, eye wòna ƒu la ŋe gbagba ɖe wo dzi. Miekpɔ nusiwo mewo Egiptetɔwo la kple ŋku, eye mietsi gbedzi eteƒe didi.


Ke mite va fifia hã, ne míakpɔ nu gã, si wɔ ge Yehowa ala le nua ŋku me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa