Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Malaki 1:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Aɖl ameflula la ŋu kpekpekpe, nenye be, lãtsu le eƒe lãha me, eye wode adzɔgbe hetsɔ la nuwɔe wu na Aƒetɔ la! Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Fia gã menye, eye ŋɔdzi le nye ŋkɔ ŋu le dukɔwo dome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Ame si ɖe adzɔgbe be yeatsɔ lãtsu si de blibo le yeƒe lãhawo dome asa vɔe na Yehowa gake wòɖɔlii kple lã lédɔ la, fiƒode neva edzi wòaɖi eŋu kpekpekpe elabena nye la, Fiagãe menye eye ele be woatsɔ vɔvɔ̃ na nye ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ nya siawo.

Onani mutuwo Koperani




Malaki 1:14
39 Mawu Ofanana  

Misela fofonye ali asi ŋunye akpɔ, ekema abum ameflulae, eye mayram o, ke aƒo fi boŋ adem.


Ke fia la gblɔ na Arawna bena: Kpao, ke boŋ maƒlee le asiwò kple ga, eye nyemasa numevɔ na Yehowa, nye Mawu la, dzodzro o. Ale Dawid ƒle lugbɔƒe kple nyiawo klosalo sekel blaatɔ̃.


Dukɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye anyigbawo dzi fiawo avɔ̃ wò ŋutikɔkɔe.


Mi dukɔwo katã, miƒu akpe, eye mitsɔ aƒadodo tso aseye ɖe Mawu ŋu!


Elabena ŋɔdzi le Yehowa dziƒoʋitɔ la ŋu, fia gã wonye ɖe anyigba blibo la dzi.


Elabena Mawue nye fia ɖe anyigba blibo la dzi, midzi nufiameha!


Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu le mía Mawu ƒe du la me kple eƒe to kɔkɔe la dzi.


Mitsɔ ŋusẽ na Mawu, eƒe ŋutikɔkɔe le Israel dzi, eye eƒe ŋusẽ le alilikpowo me.


Miɖe adzɔgbe, eye miwɔ edzi na Yehowa, mia Mawu la! Mi amesiwo le eŋu godoo la, mitsɔ nunanawo vɛ na amesi ŋu ŋɔdzi le!


Elabena Mawu gã enye Yehowa kple fia ga de mawuwo katã dzi.


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Ke Yehowa enye Mawu vava; eyae nye Mawu gbagbe kple fia mavɔ; anyigba ʋuʋu le eƒe dɔmedzoe nu, eye eƒe dziku menya le tsɔtsɔm na dukɔwo o.


Ale fia, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot la, gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ava abe alesi Tabor le towo dome, eye Karmel le atsiaƒu nu ene.


Aɖi amesi le alɔgblɔlɔ wɔm le Yehowa ƒe dɔ ŋu la ŋuti, eye aɖi amesi he eƒe yi ɖe megbe tso ʋukɔkɔɖi me la ŋu kpekpekpe.


Fia, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot la be: Moab kple eƒe duwo gblẽla gbɔna xoxo, eye eƒe ɖekakpui tiatiawo yina ɖe amewuƒe.


Eye mede gbe ɖa na Yehowa, nye Mawu, heʋu nuvɔ̃ me gblɔ bena; Ao, Aƒetɔ, wò Mawu ga dziŋɔ, amesi dzraa nubabla kple amenuveve ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe sewo me ɖe asi!


Yehowa anye ame dziŋɔ anɔ wo nu, elabena ana legbawo katã nu nayi le anyigba dzi, eye dukɔwo ƒe ƒukpowo katã aɖo gbe ɖa na, amesiame le enɔƒe.


Yehowa anye fia ɖe anyigba blibo la nu; ɣemaɣi la Yehowa ɖeka ko anɔ anyi, eye ŋkɔ ɖeka ko anɔ eŋu.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Ne mietsɔ: lã ŋkuagbã va sa vɔe la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o; eye ne mietsɔ lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo vɛ la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o. Tsɔe yi na wò anyigbanunɔla kpɔ be, wò nu adze eŋu, eye wòalɔ wò nya hã? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Mi nunɔlawo, mia tɔe nye se siawo:


Woƒo fi ɖe mi tso, hafi mi kafã miele fluyem.


eye wòafe eyama ɖe eve, eye wòana eƒe gomee akpe ɖe alakpatɔwo ŋu: afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.


eɖanye anyigba o, elabena eƒe afɔɖodzinue; eɖanye Yerusalem o, elabena ɖia gã la ƒe ɖue.


Ewo nusi wòate ŋui; edze ŋgɔgbe va si ami na nye ŋutilã la hena ɖiɖi.


dɔla ma ƒe aƒetɔ ava le ŋkeke, si mele mɔ kpɔm ne o kple gaƒoƒo, si menya o la dzi, eye wòafee ɖe eve, eye wòana eƒe gomee akpe ɖe ame mawɔnuteƒewo ŋu.


Elabena ne edzilɔlɔ̃ le la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.


Ne mèlé se sia ƒe nyawo katã, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me ɖe asi hewɔ wo dzi o, eye mèvɔ̃ Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ, si ŋu bubu kple ŋɔdzi le o la,


esi dziɖula yayratɔ ɖeka, fiawo dzi fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la aɖe fia le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi,


Elabena mía Mawu hã nye dzo, si fiãa nu.


Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.


Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa