56 Elabena Amegbetɔvi la meva, be wòagblẽ amewo ƒe agbe o; ke boŋ, bena wòaɖe wo. Eye wodzo yi ɖe kɔƒe bubu me.
56 Ale wodzo yi kɔƒe bubu me.
Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena: Woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi.
Elabena Amegbetɔvi la va be, wòaɖe nusiwo bu la.
abe alesi Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xoxo ta la ene.
ke nye la mele egblɔm na mi bena: Migatsi tre ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋuti o; ke boŋ amesi ke ƒo wò nuɖusi tome la, nyẽ ekeme hã nɛ;
Elabena Amegbetɔvi la va, be yeaɖi, eye yeaɖe amesiwo bu la.
Ke Yesu xɔ dzi gblɔ bena: Mina mɔ wo, be woayi dzi nenema. Eye wòde asi eƒe to ŋu, eye wòda gbe eŋu.
Eye Yesu gblɔ bena: Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o. Eye esi wòmã eƒe awuwo me la, wodzidze nu ɖe wo dzi.
Ke etrɔ, eye wòblu ɖe wo ta gblɔ bena: Alo mienyã gbɔgbɔ ka ƒomevi tɔ míenye o ba?
Ke esi wole mɔ dzi yina la, amea ɖe gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, afisi ke nayi ɖo la, manɔ yowòme.
Fiafi la mevana o, ne menye le fififi kple wuwu kpakple gbegblẽ ta o.
Eye ne amea ɖe sea nye nyawo, eye medzra wo ɖo o la, nyemedrɔ̃a ʋɔnui o; elabena nyemeva, be madrɔ̃ ʋɔnu xexeame o, ke boŋ bena maɖe xexeame.
Elabena Mawu medo via ɖe xexeame, be woadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi.
Megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tso nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.
Nyateƒenya wònye, eye wòdze be, woaxɔe keŋ bena, Kristo Yesu va xexeame, nuvɔ̃wɔlawo ɖe ge, amesiwo dome menye gãtɔ le.