Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 9:54 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

54 Ke esi nusrɔ̃lawo, Yakobo kple Yohanes, kpɔe la, wogblɔ bena: Aƒetɔ, èlɔ̃ bena, miana dzo natso dziƒo, eye wòafiã wo mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

54 Esi Yakobo kple Yohanes se nya sia la, wogblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, míɖe gbe na dzo be wòatso dziƒo ava fia woa?”

Onani mutuwo Koperani




Luka 9:54
14 Mawu Ofanana  

Zeruya vi Abisai gblɔ na fia la bena: Nukaŋuti avũ kuku sia anɔ ɖiŋu dom na nye aƒetɔ fia la? Na mayi aɖatso ta le enu!


Eye fia la ya Gibeontɔwo ƒo nu kpli wo. Gibeontɔwo metso Israel-viwo dome o, ke boŋ wonye Amoritɔwo ƒe kpɔtɔe, siwo Israel-viwo ka atam na; eye Saul di be, yeawu wo, elabena eʋã ŋu ɖe Israel-viwo kple Yuda nu


Eye wòdo ame blaatɔ̃wo ƒe amegã kple eƒe ame blaatɔ̃awo. Esi wòva egbɔ la, kpɔ ɖa, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe to la ta me. Eye wògblɔ nɛ bena: Mawu ƒe ame, fia be: Ɖi va!


eye wogblɔ bena: Va miyi, ne nakpɔ, alesi mele ŋu nam ɖe Yehowa nui eye wòna woɖo eƒe tasiaɖam la.


Ke Yehu melé ŋku ɖe Yehowa ƒe seawo ŋu, ne woazɔ ɖe wo nu kple eƒe dzi blibo o; eye meɖe, asi le Yerobeam ƒe nuvɔ̃, siwo wotsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la nu o.


amewuɣi li, eye gbeɖaɣi li; xɔgbãɣi li, eye etuɣi li;


Yakobo, Zebedeo vi la, kple Yohanes, Yakobo nɔvi la, eye wòna ŋkɔ woawo bena Boanerges, si gɔme enye dziɖegbeviwo;


Ke etrɔ, eye wòblu ɖe wo ta gblɔ bena: Alo mienyã gbɔgbɔ ka ƒomevi tɔ míenye o ba?


Eye wòwɔ dzesi gãwo bena, wòna dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo dze anyigba le amewo ƒe ŋku me.


Eye eƒe tawo dometɔ ɖeka le abe kubi wode eŋu ene, eye wowɔ eƒe kubi la ne wòku; eye xexeame katã ƒe mo wɔ yaa le lã la yome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa