eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke axa ɖevi sia le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke axɔm la, exɔ amesi dom la; elabena amesi ke nye suetɔ le mi katã dome la, eyae nye gatɔ.
Samaria-nyɔnu la gblɔ nɛ bena: Aleke wò, si nye Yudatɔ la, nèle tsi biam nye, si nye Samaria-nyɔnu, be yeano mahã? — Elabena Yudatɔwo kple Samaria-tɔwo menyina o —