Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 9:47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

47 Ke esi Yesu kpo woƒe dzimesusuwo la, etso ɖevia ɖe ɖo exa;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

47 Ke Yesu nya woƒe dzimesusuwo, eya ta ekɔ ɖevi sue aɖe da ɖe eƒe axadzi.

Onani mutuwo Koperani




Luka 9:47
17 Mawu Ofanana  

Enya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke.


Mawu, dzro menye, eye nadze si nye dzi, dom kpɔ, eye nadze si nye susuwo!


Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, eye meɖoa ayikuwo me kpɔna; maɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu.


Ke esi Yesu dze si esia la, ete eɖokui ɖa tso afima, eye ameha geɖewo dze eyome, eye wòda gbe le wo katã ŋu,


Eye esi Yesu kpo wote tamebubuwo la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele nu vɔ̃ɖiwo bum le miaƒe dzi me ale mahã?


Eye esi Yesu dze si woƒe ɖikekewo la, exɔ dzi gblɔ na wo bena: Nuka ɖi kem miele le miaƒe dzi me mahã?


Azɔ míenyae bena, ènya nuwo katã, eye mèhiã bena, amea ɖe nabia wò o, le esia la miexɔe se bena, èɖo go tso Mawu gbɔ.


eye mehiã bena, amea ɖe naɖi ɖase le ame ŋuti o; elabena eya ŋutɔ dze si nusi le ame me.


Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.


Nɔvinyewo, migazu viwo le nyasã me o, ke mizu vidzĩewo le nu tovo wɔwɔ me boŋ, ke nyasã me la mizu ame tsitsiwo.


eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!


eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa