46 Eye nusesẽa ɖe ɖo wo dome bena, yewo dometɔ kae nye gã wu?
46 Azɔ ʋiʋli aɖe va ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gã wu ŋuti.
Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!
Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.
Miwo nuwo katã liʋiliʋilili kple ɖikeke manɔmee,
migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natso ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui;
Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hame la; gake Diotrefo, si le didim be, yeaɖo ta ɖe wo nu la, mexɔ mi o.