Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 9:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Eye esi wògbɔna la, gbɔgbɔ la hee ƒu anyi, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu wo ɖe gbɔgbɔ bliba la ta, eye wòda gbe le ɖevi la ŋu, eye wòtsɔe na fofoa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

42 Esi ŋutsuvi la gbɔna ɖe Yesu gbɔ la, gbɔgbɔ vɔ̃ la gaxlãe ɖe anyigba sesĩe, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃a be wòado go le ɖevia me, eye wòdo le eme enumake; ale Yesu da gbe le ɖevia ŋu hetsɔe na fofoa.

Onani mutuwo Koperani




Luka 9:42
12 Mawu Ofanana  

Eye Eliya tsɔ ɖevi la ɖi tso xɔtaxɔ la me va xɔa me, eye wòtsɔe na dadaa. Eye Eliya gblɔ bena: Kpɔ ɖa, viwò la tsi agbe.


Eye wòyɔ Gexazi gblɔ bena: Yɔ Sunami-nyɔnu sia vɛ. Esi wòɖayɔe wòva egbɔ la, egblɔ be: Kɔ viwò la.


Eye wokplɔe va egbɔ; esi wòkpɔe la, enumake gbɔgbɔ la nyamae, eye wòtsyɔ kplo hele dablibɛ ƒom le futukpɔ ɖem.


Eye ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi, eye wòde asi nuƒoƒo me, eye wòtsɔe na dadaa.


eye kpɔ ɖa, gbɔgbɔa ɖe lénɛ, eye kasia wòdoa ɣli, eye wònyamanɛ ale bena, futukpɔ dona le enu, eye bebli hafi wòdzona le edzi, eye wògbãa lãme nɛ bliblibli.


Eye Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime totro kpaɖikpaɖi! Ɣekaɣi dzi manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Kplɔ viwò la va afisi.


Eye kuvia ɖo wo katã le Mawu ƒe gãnyenye ŋuti. Ke esi wo katã ƒe mo wɔ yaa le nusiwo katã wòwɔ ŋuti la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena:


Eye esi woku ʋu la anɔ stadio blave vɔ atɔ̃ alo blaetɔ̃ la, wokpɔ Yesu le ƒua dzi zɔm gbɔna, eye wòle tetem ɖe nu la ŋu, eye wovɔ̃.


Eye wòna asii hekɔe ɖe dzi; eye esi wòyɔ ame kɔkɔeawo kple ahosiawo ve la, etsɔe ɖo woƒe ŋku me agbagbee.


Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ, elabena ènyae be, vovoɣi via ɖe ko yekpɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa