4 Eye aƒe, si ke me miage ɖo la, minɔ afima, eye miagadze mɔ atso afima.
4 Ne mieɖo du aɖe me la, midze aƒe ɖeka ko me.”
Ke ne miayi ɖe ɖu alo kɔƒea ɖe me la, midi amesi dze le eme la vevie; eye minɔ afima, vaseɖe esime miadzo.
Eye wògblɔ na wo bena: Afisi ke miayi ɖe aƒea ɖe me le la, minɔ afima vaseɖe gbesigbe ke miadzo.
Eye wògblɔ na wo bena: Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, ati loo, alo kotoku alo abolo alo klosalo alo awu eve o.
Eye amesiwo mexɔ mi o la, ne miele dzodzo ge le du ma me la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti hena ɖaseɖiɖi ɖe wo ŋuti.
Eye esi wode mawutsi ta nɛ kple eƒeme katã la, eɖe kuku gblɔ bena: Ne miebum bena, mezu Aƒetɔ la dzixɔsela la, ekema miva aƒenye me, eye mina afima Eye wozi mia dzi.