Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 9:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Eye gbe ɖi tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye tiatia, miɖo to eyama!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

35 Gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me be, “Ame sia nye Vinye, si metia la, miɖo toe!”

Onani mutuwo Koperani




Luka 9:35
19 Mawu Ofanana  

Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne woahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo.


„Kpɔ ɖa, ye dɔla, si metia; ye blɔtɔ, amesi dzea ye luʋɔ ŋu la; matsɔ ye Gbɔgbɔ la ada ɖe eyama dzi, eye wòaka ʋɔnudɔdrɔ̃ ta na dukɔawo.


eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!


eye gbe ɖi tso dziƒowo bena: Wòe nye vinye, si gbe nyemelɔ̃a nu le o, wò ŋu mekpɔa ŋudzedze lena.


eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi le nɔnɔmekpɔkpɔ me abe akpakpa ene ɖe, eyama dzi, eye gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.


Ke esi wòle nusiawo gblɔm la, alilikpo va, eye wòdo vɔvɔli ɖe wo dzi; ke wovɔ̃, esi woyi ɖe alilikpo la me.


Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋuti. Tete gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.


Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.


aleke gɔ̃ míawo míele sisi gee, ne mielé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã? Esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la, ka de edzi na mi,


Esime wògblɔ be: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzime, abe alesi wowɔ le dɔmedzoe me ene o!“


eye esi wowɔe blibo la, ezu agbexɔxɔ mava ƒe gɔmeɖola na amesiwo katã ɖoa toe,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa