Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 9:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye wògblɔ na wo bena: Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, ati loo, alo kotoku alo abolo alo klosalo alo awu eve o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ede se na wo be, “Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, atizɔti loo alo mɔzɔkotoku, alo abolo, alo klosalo, alo awu eve o.

Onani mutuwo Koperani




Luka 9:3
12 Mawu Ofanana  

Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nawɔ nyuie! Nɔ anyigba dzi, eye naɖi anukware!


Tete wòyɔ ame wuieve la va egbɔ, eye wòde asi wo dɔdɔ me eveveve; eye wòna ŋusẽ wo de gbɔgbɔ makɔmakɔwo dzi;


Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Le esia ta mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti nusi miaɖu o, alo le miaƒe ŋutilã ŋuti nusi míado o.


Ke ne Mawu ɖo atsyɔ̃ alea na gbe, si le gbedzi egbe, eye etsɔ woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo me la, geɖe wu wòawɔe na miawo, mi xɔseʋeetɔwo!


Eye wògblɔ na wo bena. Esi medɔ mi, gakotoku kple mɔzɔkotoku kple atokotawo manɔ mia sii la, ɖe nane hiã mi mahã? Eye wogblɔ bena: Naneke mehiã mí o.


Eye wòɖo ŋu gblɔ na wo bena: Amesi awu eve le esi la, nena amesi ɖeke mele esi o, eye amesi nunyiame le esi la, newɔ nenema ke.


Eye Lewi ɖo kplɔ̃ gãa ɖe ne le eƒe me: eye nudzɔlawo kple ame bubuwo ƒe ha gãa ɖe bɔbɔ nɔ anyi ɖe nuaɖuƒe kpli wo.


Eye aƒe, si ke me miage ɖo la, minɔ afima, eye miagadze mɔ atso afima.


Amea ɖeke menɔa aʋa wɔm so gatsɔa eɖokui dea nuɖuɖudɔwɔwɔwo me o, bene wòadze amesi tsɔ aʋae la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa