Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 9:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye wòva ve me bena, esi eya ɖeka le gbe dom ɖa la, nusrɔ̃lawo le eŋu, eye wòbia wo bena: Ameka amehawo gblɔna bena, menye mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Gbe ɖeka la, esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, eƒe nusrɔ̃lawo nɔ egbɔ, eye wòbia wo be, “Ame kae amehawo gblɔna be menye?”

Onani mutuwo Koperani




Luka 9:18
11 Mawu Ofanana  

Eye esi wòɖe asi le amehawo ŋu vɔ la, eya ɖeka yi to la dzi be, yeado gbe ɖa. Eye esi zã do la, eya ɖeka tsi afima.


Tete woa kple Yesu wova teƒea ɖe, si woyɔna be Getsemane, eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo bena: Mibɔbɔ nɔ afisia, vaseɖe esime mayi aɖado gbe ɖa le afime.


Eye wòva ve me bena, esi wòle gbe ɖom ɖa le teƒea ɖe, eye wòdzudzɔ la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mi, abe alesi Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.


Eye esi wòde mawutsi ta na dukɔ la katã, eye woɖee na Yesu hã la, edo gbe ɖa, eye wòva ve me bena, dziƒo ʋu,


Eye wòva ve me le ŋkeke siawo me bena, eɖo go yi to la dzi be, yeado gbe ɖa, eye wòdo ŋu hele gbe ɖom ɖa na Mawu.


Eye woɖo ŋu gblɔ bena: Yohanes mawutsidetanamelae, ke bubuwo bena: Eliya, eye ame bubuwo bena: Blema nyagblɔɖilaa ɖe gatsi tre.


Eye wòva ve me anɔ ŋkeke enyi le nya siawo megbe bena, esi wòɖe Petro kple Yohanes kple Yakobo kpe ɖe eɖokui ŋu la, eyi to la dzi, be yeado gbe ɖa.


Eye esime wòle gbe dom ɖa la, eƒe mo ƒe dzedzeme trɔ, eye eƒe awu fu tititi hele dzo dam kaŋkaŋ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa