Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 9:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye wòtsɔ abolo atɔ̃ la kple lã eveawo, eye esi wòkpo dziƒo la, eyra ɖe wo dzi, eye wòŋe wo me hetsɔe na nusrɔ̃viwo be, woatsɔ wo ana ameha la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea, eye wòwu mo dzi ɖe dziƒo heda akpe ɖe wo ta. Eŋe wo me kakɛkakɛ, eye wòtsɔ wo na nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo ƒe akɔme.

Onani mutuwo Koperani




Luka 9:16
16 Mawu Ofanana  

Eye wòɖo bena, amehawo nabɔbɔ nɔ gbea dzi; eye esi wòtsɔ abolo atɔ̃ la kple lã eveawo la, ekpɔ dziƒo, eye wòyra ɖe wo dzi, eye esi wòŋe wo me la, etsɔ wo na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo tsɔ wo na amehaawo.


eye wotsɔ abolo adre lã kple lãwo, eye esi wòda akpe ɖe wo dzi la, eŋe wo me hetsɔ na nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo tsɔ wo na ameha la.


eye esi wòle dziƒo kpɔm la, eɖe hũ, eye wògblɔ ne bena. „Hefata“, si gɔme enye: Ʋua!


Eye esi wòtsɔ abolo ɖe asi la, eda akpe ɖe edzi, eye wòŋe eme hetsɔe na wo gblɔ bena: Esiae nye nye ŋutilã, si wona le mia ta: miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye.


Eye wòva ve me bena, esi eya kple wo le nuɖuƒe la, etsɔ abolo la, eye esi wòyra ɖe edzi, eye wòŋe eme la, etsɔe na wo.


Eye wowɔ nenema, eye wona wo katã bɔbɔ nɔ anyi.


Eye woɖu nu, eye wo katã woɖi ƒo; eye wofa kakɛ, siwo susɔ la, ɖe kevi wuieve me heyii.


Eye Yesu tsa aboloawo heda akpe le wo ta, eye wòtso wo na amesiwo le anyinɔƒe; nenema ke hã wòna tɔmelã memee wo geɖe alesi nu dim wole.


eye ʋu bubuwo tso Tiberia va ɖo afisi medidi tso teƒe, si woɖu abolo, si ta Aƒetɔ la da akpe le la, gbã o.


Eye esi wògblɔ esiawo, eye wotsɔ abolo la, eda akpe na Mawu le wo katã ƒe ŋku me, eye wòŋe eme hede asi eɖuɖu me.


Amesi bua ŋkeke la, ebunɛ na Aƒetɔ la; eye amesi mebua ŋkeke o la. Aƒetɔ lae mebunɛ na o. Amesi ɖua nu la, eɖunɛ na Aƒetɔ la, elabena eda akpe na Mawu; eye amesi meɖua nu o la, Aƒetɔ lae meɖunɛ na o, eye wodaa akpe na Mawu.


Ne metsɔ akpedada ɖu nu la, nukaŋuti woagblɔ busunya ɖe ŋutinye le nusi ta meda akpe ɖo la ŋuti mahã?


eye esi wòda akpe le eta la, èŋe eme gblɔ bena: „Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã, si woŋe le mia ta; miwo esia, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.“


Ne miede dua me la, miatui, hafi wòava yi nuɖuƒe le to la dzi; elabena dukɔ la meɖua nu o, vaseɖe esime wòvana va yra vɔsanu la, hafi amesiwo wokpe vɛ la ɖua nu. Eyata miyi, elabena miele etu ge egbea kokoko!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa