Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 9:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wòyɔ nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wòna ŋusẽ kple mɔ wo ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo katã dzi, eye be, woaɖe dɔlélewo ɖa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Gbe ɖeka Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui, eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ameawo me, eye woada gbe le dɔ ƒomevi vovovowo lélawo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Luka 9:1
15 Mawu Ofanana  

Matsɔ dziƒofiaɖuƒe ƒe safuiawo ana wò, eye nusi ke nabia le anyigba dzi la, anɔ babla le dziƒowo, eye nusi ke natu le anyigba dzi la, anɔ tutu le dziƒowo.


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Elabena nye hã menye amesi le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye; eye ne megblɔ na ame sia be: Yi! eyina; eye ne megblɔ na ame bubu bena: Va! evana; eye ne megblɔ na ye dɔtsɔla bena: Wɔ esia! ewɔnɛ.


Ke nusiawo megbe la Aƒetɔ la ɖo ame blaadre bubu, eye wòdɔ wo eveveve ɖo ɖe eŋgɔ ɖe du kple kɔƒe, siwo katã me to ge ye ŋutɔ gbɔna la me.


Kpɔ ɖa, mena ŋusẽ mi be, míado afɔ dawo kple dzidegbewo kpakple ketɔ la ƒe ŋusẽ katã dzi, eye naneke meli, si awɔ vɔ̃ mi gbeɖe o.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gatɔwo wu esiawo wòawɔ, elabena nye la meyina Fofo la gbɔ.


Hafi boŋ miaxe Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe se ƒe ke.


Eye eƒe ŋkɔ la do ŋusẽ amesia, si kpɔm miele, eye mienya la, hena eƒe ŋkɔ dzi xɔse; eye dzixɔse, si to eyama dzi la, na lãmesesẽ blibo sia le mi katã ƒe ŋku me.


le esi me be, nado wò asi ɖa hena dɔyɔyɔ, eye bena dzesiwo kple nukunuwo nava me to wò dɔla kɔkɔe Yesu ƒe ŋkɔ dzi.


Eye Petro gblɔ nɛ bena: Ainea, Yesu Kristo yɔ dɔ wò: tsi tre, eye wò ŋutɔ naɖo wò aba! Eye enumake wòtsi tre.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa