Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 8:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye bubu ge ɖe kpe gbadza dzi, eye wòmie, eye wòyrɔ, elabena mekpɔ vɔnyigba o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Nuku aɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi. Nuku siawo de asi miemie me, gake wova yrɔ elabena woƒe kewo mete ŋu yi tome ʋĩi afi si woakpɔ tsi le o.

Onani mutuwo Koperani




Luka 8:6
14 Mawu Ofanana  

Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? Eƒo wo, gake meɖe lã me na wo o; ètsrɔ̃ wo ɖa, ke wogbe toɖoɖo tohehe, wosẽ woƒe ŋku me wu agakpe, eye wogbe tametɔtrɔ.


Mana dzi bubu wo, eye maɖe gbɔgbɔ yeye wo me, maɖe kpedzi le dɔ me na wo, eye mana lãkusidzi wo,


Mana dzi yeye mi, eye maɖe gbɔgbɔ yeye mia me, maɖe kpedzi la le miaƒe dɔ me, eye mana lãkusidzi mi.


Ɖe sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpe dzia, eye ɖe woatsɔ nyiwo aŋlɔ agble ɖe atsiaƒu dzia? Elabena miawo mietrɔ nya dzɔdzɔe wòzu aɖi, kple dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse wòzu atsa


Eye esiwo le kpe gbadza dzi la, woawo nye amesiwo, ne wole esem la, woxɔa nya la kple dzidzɔ, eye esiawo la ke meli na wo o, esiwo xɔna sena ɣeyiɣia ɖe, eye le tetekpɔ ƒe ŋkekewo me la woɖea megbe.


Nukuwula do go yi eƒe nuku wu ge; eye esi wòle ewum la, ɖewo ge ɖe mo to, eye woɖo afɔ edzi, eye dziƒoxeviwo va mii.


Ke bubu ge ɖe ŋuwo me, eye ŋua wo mie kplii, eye wovu tsyo edzi.


Esime wògblɔ be: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzime, abe alesi wowɔ le dɔmedzoe me ene o!“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa