Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 8:48 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

48 Eye wògblɔ ne bena; Vinyɔnuvi, wò xɔse la ɖe wò, yi ɖe ŋutifafa me!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

48 Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò. Heyi le ŋutifafa me.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 8:48
15 Mawu Ofanana  

Egblɔ nɛ bena: Heyi le ŋutifafa me! Eye esi wòdzo le egbɔ eyome bu vie la,


Eye Mose trɔ gbã va toa Yetro gbɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Mele didim be, magbugbɔ aɖakpɔ nɔvinyewo ɖa le Egipte be, wogale agbe mahã? Yetro ɖo ŋu; na Mose bena. Heyi faa!


Mele aƒla ŋeŋe la ɖe ge le enu o, eye mele ɖovu bibi fiɖifiɖi la tsi ge o, vaseɖe esime wòawu ʋɔnudɔdrɔ̃ nu hena dziɖuɖu o.


Eye Yesu gblɔ na aʋafia la bena: Heyi, eye alesi nèxɔe se la, woawɔ na wò nenema ke! Eye eƒe dɔtsɔla ƒe lãme sẽ le gaƒoƒo ma ke dzi.


Eye kpɔ ɖa, wotsɔ lãmetututɔa ɖe, si mlɔ aba dzi la, va egbɔ. Ke esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la la, egblɔ na lãmetututɔ la bena; Vinye, na wò dzi nadze me, wotso wò nuvɔ̃awo ke wò.


Ke esi wòtrɔ kpɔe la, egblɔ nɛ bena: Vinyɔnuvi, na wò dzi nadze me! Wò xɔse la ɖe wò. Eye nyɔnu la ƒe lãme sẽ le gaƒoƒo ma ke dzi.


Ke egblɔ nɛ bena: Vinyenyɔnuvi, wò xɔse la de wò; heyi le ŋutifafa me, wò lãme nasẽ tso wò dɔléle la me!


Eye wògblɔ nɛ bena: Tsi tre, nadzo, wò xɔse la de wò.


Eye Yesu gblo nɛ bena: Kpɔ nu, wò xɔse la ɖe wò.


Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Wò xɔse la ɖe wò; yi ɖe ŋutifafa me!


Ke esi nyɔnua kpɔ bena, womeɣla ye o la, eva kple dzodzo nyanyanya, eye wòdze klo ne, eye woxlẽ nusi ŋuti wòde asi eŋu, kple alesi eƒe lãme sẽ enumake la, fia le ameha la katã ƒe ŋku me.


Eya se Paulo ƒe nuƒoƒo, amesi lé ŋku ɖe edzi gã, eye esi wòkpɔ bena, xɔse le esi be, woayɔ dɔe la,


eye manye Fofo na mi, eye miawo hã mianye vinyeŋutsuviwo kple vinyenyɔnuviwo, Aƒetɔ, ŋusẽkatãtɔ la gblɔe.“


Elabena wogblɔ nyanyuie la fia míawo hã, abe woamawo ke hã ene; gake nya, si wose la, meɖe via ɖeke na woamawo o; elabena amesiwo see la ƒe xɔse mewɔ ɖeka kple nya la o.


Tete Eli gblɔ bena: Yi le ŋutifafa me, Israel ƒe Mawu la awɔ nusi nèbiae la na wò!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa