Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 8:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Trɔ yi aƒewò me, eye naxlẽ nusiwo Mawu wo na wò la afia. Eye wòdzo yi hele gbe ƒã ɖem nusiwo Yesu wo nɛ la, to ɖu blibo la katã me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

39 “Trɔ nàyi wò ƒometɔwo gbɔ, eye nàgblɔ nu gã si Mawu wɔ na wò la na wo.” Ale ŋutsu sia dze mɔ nɔ tsatsam le dua me henɔ nukunu gã si Yesu wɔ la gblɔm na ameawo.

Onani mutuwo Koperani




Luka 8:39
13 Mawu Ofanana  

Mi mawuvɔ̃lawo katã, miva, ne maxlẽ nusi wòwɔ na nye luʋɔ la, afia miase!


Ke eya do go de asi gbeƒãɖeɖe me lelele kple nya la kaka me ale gbegbe bena, Yesu magate ŋu adze gaglã ayi du me o, ke gbedzi ko wònɔna, eye wotso afisiafi va egbɔ.


Eye esi wòɖo ʋu la, amesi me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ la, ɖe kuku nɛ bena, yeana eŋuti,


Eye mena mɔe o; ke egblɔ nɛ bena: Heyi aƒewò me ɖe tɔwòwo gbɔ, eye naxlẽ nusianu, si Aƒetɔ la wɔ na wò kple alesi wòkpɔ nublanui na wò la, afia wo.


Eye ŋutsu, si me gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo go le la, ɖe kuku nɛ bena, yeana egbɔ; ke edo mɔe gblɔ bena:


Ke esi Yesu tra va la, ameha la xɔe kple dzidzɔ; elabena wo katã wole elalam.


Miva kpɔ amea ɖe, si gblɔ nusiwo katã mewo kpɔ la nam; ɖe menye esia nye Kristo la oa?


Eya nye wò kafukafu kple wò Mawu, si wo nu gã dziŋɔwo, esiwo nèkpɔ kple ŋku la na wò.


Ke ne amea ɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa