Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 8:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo do go tso ame la me heyi ɖe hawo me, eye hawo si du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu la me, eye wono tsi ku.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

33 Gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le amea me yi ɖage ɖe haawo me. Enumake haawo katã ƒu du sesĩe tso toa kɔgo yi ɖadze ƒu me doo heno tsi ku.

Onani mutuwo Koperani




Luka 8:33
8 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi! Eye esi wodo go la, woyi ɖe haawo me; kasia kpɔ ɖa, wo katã wòsi du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu la me, eye woku ɖe tsiawo me.


Eye wòva ve me, esi ameha la mimii ɖo, be wòase mawunya la bena, ye ŋutɔ le tsitre ɖe Genezaret-ta la nu;


Eye aƒeha geɖewo le afima le gbe: ɖum le to la dzi, eye woɖe kuku nɛ bena, wòaɖe mɔ na yewo be, yewoayi ɖe woawo me. Eye wòɖe mɔ na wo.


Ke esi wo kplɔlawo kpɔ nusi va ve me la, wosi, eye wògblɔe fia le dua me kple agbletawo.


Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.


Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene;


Eye fiãa ɖe, si nye aʋli me dɔla la, ɖu wo dzi, eye woyɔ eŋkɔ le Hebri-gbe me be Abadon, eye woyɔnɛ le Hela-gbe me be Apolion (gblẽla).


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa