Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 8:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 kple Yohana, Kuza, si nye Herodes ƒe xɔnuvi la srɔ̃, kple Susana kple ame bubu geɖe, siwo tso woƒe nuwo subɔ wòe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Yohana, Kuza srɔ̃, Kuza sia nye Fia Herod ƒe fiasã bliboa dzi kpɔla, Susana kple ame bubu geɖe siwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe ga kple nuɖuɖu nɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzi kpɔmii.

Onani mutuwo Koperani




Luka 8:3
19 Mawu Ofanana  

elabena ameka menye, eye ameka nye dukɔ la nye, be, miekpɔ ŋusẽ hena nu faa alea? Elabena nuwo katã tso gbɔwò, eye asiwò me miexɔ wo le hetsɔ na wò.


Ke eƒe viɖe kple gboloho ŋu akɔ na Yehowa; womali koe o, eye womafi ɖo gleglegle o, ke boŋ eƒe adzododo anye amesiwo le Yehowa ŋku me la tɔ, ne woaɖu nu aɖi ƒo, eye woata ava nyuiwo.


Le ɣemaɣi me la dziɖula Herodes se Yesu ŋkɔ.


Elabena esi Herodes lé Yohanes la, eblae hede gaxɔ me le Herodia, si nye nɔvia Filipo srɔ̃ la ŋuti.


Ke esi woɖu Herodes ƒe dzigbe la, Herodia ƒe vinyɔnuvi la va ɖu ɣe le wo titina, eye wòdze Herodes ŋu.


Eye esi woyi ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria; tete wodze klo de ta agu nɛ, eye woʋu woƒe nuwo nu hetsɔ nunanawo, sika, kotoklobo kple lili nɛ.


Ke esi fiẽsi ɖo la, weinbɔtɔ la gblɔ na eƒe xɔnuvi bena: Yɔ dɔwɔlawo vɛ, eye nana fetu wo, eye nadze egɔme atso mlɔetɔwo dzi vaseɖe gbãtɔwo dzi.


Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.


Elabena ame dahewo la woli kpli mi ɖaa, ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.


Eye nyɔnu geɖewo le afima le nu kpɔm le adzɔge, amesiwo dze Yesu yome tso Galilea le esubɔm;


Ke amesiwo gblɔ nusiawo na apostoloawo la, woawoe nye Maria, Magdalatɔ, kple Yohana kple Maria, Yakobo dada, kple nyɔnu mamle, siwo kpe de wo ŋuti.


Ke egblɔ esia, menye ame dahewo nu vem wòle o, ke boŋ fiafitɔ wònye, eye gakotoku la le esi, eye wòfia nusiwo wotsɔna dana ɖe eme.


Eye nyagblɔɖila kple nufialaa ɖewo le ha me, si le Antioxia la me, siwo nye, Barnaba kple Simeon, si woyɔna be Niger, kple Lukio, Kirenetɔ kple Manahem, amesi wonyi kple dzidula Herodes, kple Saul.


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


Ame kɔkɔewo katã ɖuɖɔ mi ƒã, vevietɔ amesiwo tso kaisaro ƒe me la.


amesi kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti; ne enyia viwo, ne ewɔa amedzro, ne eklɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋuti, ne ekpena ɖe fukpelawo ŋuti, ne enɔa ɖo nyui sia do nyui wɔwɔ yome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa