Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 8:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Ke esi wòkpɔ Yesu la, edo ɣli, eye wòdze klo nɛ hegblɔ kple gbe sesẽ bena: Nya ka le mía kpli wò domea? Yesu, Mawu, dziƒovĩtɔ la ƒe Vi! Meɖe kuku na wò, megawɔ funyafunyam o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 Esi wòkpɔ Yesu teti ko la, etsɔ eɖokui xlã ɖe anyigba le eŋgɔ henɔ ɣli dom be, “Nu ka dim nèle le gbɔnye, wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Meɖe kuku na wò, mègawɔ funyafunyam o!”

Onani mutuwo Koperani




Luka 8:28
14 Mawu Ofanana  

Ɣemaɣi la Yehowa atsɔ eƒe yi kpekpe gã sesẽ la ahe to na ʋɔ driba, si nye ɖa, si le sisim, kple ʋɔ driba, si nye da xatsaxatsa la, eye woawu boso le atsiaƒu me.


Eye kpɔ ɖa, wodo ɣli gblɔ bena: Nya ka le mía kpli wò dome, wò Mawuvi? Ɖe nèva afisia funyafunya wɔ ge mi, hafi ɣeyiɣi la nade mahã?


Eye esi wòɖi go la, ŋutsua ɖe, si gbɔgbɔ vɔ̃wo le eme, eye megado awu kpɔ o, eye menɔa aƒe me o, negbe yɔdowo me ko la, do go tso dua me va kpee.


Elabena ede se na gbɔgbɔ bliba la be, wòado go tso ame la me Elabena enyamanɛ enuenu, eye esi wole eŋu dzɔm la, wobiae kple kɔsɔkɔsɔ, eye wode kunyowu eƒe afɔwo, eye wòŋe gãwo, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la nyae ɖe gbe.


Wò la èxɔnɛ sena bena, Mawu ɖekae li; èwɔe nyuie; gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔnɛ sena, eye wodzona nyanyanya.


Elabena ne Mawu mekpɔ mawudɔla wɔnuvɔ̃wo ƒe nublanui o, ke wòtsɔ viviti tsiɖitsiɖi ƒe kɔsɔkɔsɔwo bla wo hetu asi wo xlã ɖe dzomavɔʋe me, bena woadzra wo ɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃;


Amesi ke le nuvɔ̃ wɔm la, eya tso Abosam me; elabena Abosam wɔa nuvɔ̃ tso keke gɔmedzedzea me ke. Esia ŋuti Mawuvi la ɖe eɖokui fia, bene yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.


Eye wotsɔ Abosam, si ble wo la, ƒu gbe ɖe dzo- kple dzokpeta la me, afisi hã lã la kple aʋatsonyagblɔɖila la le, eye woawɔ fu wo zã kple keli tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa