26 Eye wòɖo Gadaratɔwo ƒe anyigba, si le Galilea kasa la dzi.
26 Wova ɖi go ɖe Gadaratɔwo ƒe anyigba si le Galilea ƒua godo la dzi.
Eye wògblɔ na wo bena: Afika miaƒe xɔse le? Eye esi wole vɔvɔ̃m la, woƒe mo wɔ yaa wole gbɔgblɔm na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia? Elabena ede se na ya wo kple tsi, eye woɖo toe.
Eye esi wòɖi go la, ŋutsua ɖe, si gbɔgbɔ vɔ̃wo le eme, eye megado awu kpɔ o, eye menɔa aƒe me o, negbe yɔdowo me ko la, do go tso dua me va kpee.