Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 8:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke eva ve me le ŋkeke mawo dome ɖeka dzi bena, eya ŋutɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe ʋua ɖe me, eye wògblɔ na wo bena: Mina ne míayi ta la godo, eye woɖe ʋu yi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Gbe bubu gbe esi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ ʋu aɖe me le ƒua dzi la, Yesu bia tso nusrɔ̃lawo si be woaku ʋua yi ƒua ƒe go evelia dzi.

Onani mutuwo Koperani




Luka 8:22
12 Mawu Ofanana  

Eye Yesu ƒoe ɖe nusrɔ̃lawo nu enumake bena, woaɖo nu adze ye ŋgɔ ayi go keme dzi, vaseɖe esime yeaɖe asi le amehawo ŋu.


Ke esi Yesu kpɔ ameha geɖewo le eŋuti la, eɖo bena, yewoatso ƒu la ayi egodo.


Eye esi Yesu ɖo ʋu gatso ƒua va egodo la, ameha gãa ɖe ƒo ƒu ɖe eŋuti, eye wònɔ ƒu la nu.


Eye enumake wòƒoe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo nu be, woaɖo ʋu, ne wòadze ye ŋgɔ ayi go keme dzi ɖe Betsaida, vaseɖe esime ye ŋutɔ yeaɖe asi le ameha la ŋu.


Eye wògblẽ wo ɖi gaɖo ʋu heyi go keme dzi.


Eye wòva ve me, esi ameha la mimii ɖo, be wòase mawunya la bena, ye ŋutɔ le tsitre ɖe Genezaret-ta la nu;


Eye esi woɖe ʋua la, edɔ alɔ̃, eye ahom tu le ta la dzi, eye woƒe ʋu la yɔ, eye woɖo xaxa me.


Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo do go tso ame la me heyi ɖe hawo me, eye hawo si du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu la me, eye wono tsi ku.


Nusiawo megbe la Yesu dzo yi ɖe Galilea-ƒu, si nye Tiberia-ƒu la godo.


Eye esi mieɖo Adramitio-ʋua ɖe, si le didim be, yeadze ɖe Asia ƒe ʋudzeƒewo la, míeho yi; eye Makedoniatɔ Aristarxo, si tso Tesalonika la, kpe ɖe mía ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa