Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 8:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 kple nyɔnua ɖewo, amesiwo wòɖe tso gbɔgbɔ vɔ̃wo kple dɔlélewo me: Maria, si woyɔna be Magdalene, amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ adre do go le

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Nyɔnu aɖe si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le kple esiwo ŋu wòda gbe le la kplɔ wo ɖo. Wo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre le,

Onani mutuwo Koperani




Luka 8:2
11 Mawu Ofanana  

Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Eye esi Sabat la nu yi vɔ la, Mana, Magdalatɔ, kple Maria, Yakobo dada, kple Salome woƒle atike ʋeʋẽe lilili, bena yewoasi nɛ.


Ke esi Yesu tsi tre le kwasiɖa gbãtɔ ƒe ŋdikanya la, eɖe eɖokui fia Maria, Magdalatɔ gbã, amesi me wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ adre do go le.


Eye ameha gãa ɖe kple nyɔnu, siwo le konyi kple avi fam ne la, kplɔe ɖo.


Eye eƒe ame nyanyɛwo katã kple nyɔnu, siwo dze eyome tso Galilea la, le tsitre le adzoge ke hele nusiawo kpam ɖa.


Eye nyɔnu, siwo dze eyome tso Galilea va la, kpɔ yɔdo la ɖa, kple alesi wotsɔ eƒe kuku la mlɔ anyii.


Eye Yesu biae bena: Ŋkɔwò ɖe? Eye wògblɔ bena: Legio, elabena gbɔgbɔ vɔ̃ geɖe yi ɖe eme.


Ke dadaa kple dadaa nɔvinyɔnu Maria, Klopa srɔ̃, kpakple Maria, Magdalatɔ, wole tsitre ɖe Yesu ƒe atitsoga la gbɔ.


Amesiawo katã nɔ gbedodoɖa kpakple kukuɖeɖe dzi kple tame ɖeka kpe ɖe nyɔnuawo kple Maria, Yesu dada, kple eƒe nɔviŋutsuawo ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa