Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 8:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke amea ɖeke mesia akaɖi ɣlana ɖe ze te alo tsɔnɛ dana ɖe abati te o, ke boŋ wotsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi, bena amesiwo ge ɖe eme la, nakpɔ keklẽ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Ɣe bubu ɣi la, Yesu bia ameawo be, “Ame kae se kpɔ be ame aɖe si akaɖi, eye wòtsɔ nu tsyɔ edzi be megaklẽ o. Gbeɖe, akaɖi la, akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ be amewo nakpɔ nu.

Onani mutuwo Koperani




Luka 8:16
9 Mawu Ofanana  

Eye amea ɖeke mesia akaɖi dana ɖe ɣaɣlaƒe alo afianu te o, ke ɖe akaɖiti dzi boŋ, bena amesiwo le yiyim ɖe eme la, nakpɔ kekeli.


Eye esi le anyigba nyui la me la, woawo nye amesiwo se nya la kple dzi nyui, si dza, eye wòlé eme ɖe asi sesĩe, eye wotsena le dzigbɔɖanyi me.


be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.


Ɣletivi adre, siwo nèkpɔ le nye nuɖusi me kple sikakaɖiti adre la ƒe nya ɣaɣla enye si: Ɣletivi adreawoe nye hame adreawo ƒe dɔlawo, eye akaɖiti adreawoe nye hame adreawo.


Amesiawo nye amiti eve kple akaɖiti eve, siwo le tsitre ɖe anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋku me la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa