Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 8:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke esiwo le mɔ to la, woawo nye amesiwo le esem; tete Abosam vana, eye wòɖea nya la le woƒe dzi me yine, bena woagaxɔ ase, eye woakpɔ ɖeɖe o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Mɔƒome afi si nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo ƒe dziwo ku atri. Ame siawo ƒomevi sea Mawu ƒe nya, gake Abosam vana, eye wòɖea nya la le woƒe dzi me ale be wometea ŋu xɔa edzi sena be woakpɔ ɖeɖe o.

Onani mutuwo Koperani




Luka 8:12
13 Mawu Ofanana  

Le esi wolé fu sidzedze, eye womedo Yehowa-vɔvɔ̃ o,


Ele nunya, ƒle gɔmesese! Megaŋlɔe be o, eye megate ɖe aga tso nye nu me nyawo ŋu o.


Ke miawo, esi miegblẽ Yehowa ɖi, eye mieŋlɔ nye to kɔkɔe la be, mieɖo kplɔ̃ na aklama, eye mieku aha tre banaa na dzɔgbe la,


Amesiame, si le fiaɖuƒe la ŋutinya sem, eye mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ la lava aha nusi wowu ɖe eƒe dzi me. Esia enye amesi gbɔ wowui ɖe mɔto le la.


eye esi wòle ewum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye dziƒoxeviwo va mii;


Ke esiawo nye amesiwo le mɔ to, afisi wowu nya la ɖo; eye ne wosee ko la, enumake Satana vana, eye wotsɔa nya, si wowu ɖe wo me la, yinɛ.


Ke lo lae nye esi: Nuku la enye Mawu ƒe nya.


Eye esiwo le kpe gbadza dzi la, woawo nye amesiwo, ne wole esem la, woxɔa nya la kple dzidzɔ, eye esiawo la ke meli na wo o, esiwo xɔna sena ɣeyiɣia ɖe, eye le tetekpɔ ƒe ŋkekewo me la woɖea megbe.


Nukuwula do go yi eƒe nuku wu ge; eye esi wòle ewum la, ɖewo ge ɖe mo to, eye woɖo afɔ edzi, eye dziƒoxeviwo va mii.


Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame kalẽ blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa