Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 eyaŋuti nyemebu ɖokuinye hã bena, edzem be, mava gbɔwò o, ke boŋ gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla ƒe lãme asẽ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Eye nyemedze be mava kpe wò ŋutɔ gɔ̃ hã o. Gblɔ nya si wòle be nàgblɔ la ɖo ɖa tso afi si nèle ekema nye dɔla ƒe lãme asẽ.

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:7
10 Mawu Ofanana  

Edo eƒe nya da wòyɔ dɔ wo, eye wòhe wo tso woƒe ʋe la me.


Elabena eƒo nu, eye wòva me; ede se, eye wòɖo di.


gblɔ bena: Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèwɔ nusi nyoa eŋu, lé to ɖe eƒe seawo ŋu, eye nèwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi la, ekema nyemate fukpekpe, siwo katã mena wova Egiptetɔwo dzi la, ava dziwò o; elabena nye Yehowa enye wò dɔyɔla.


Eye wòwɔ nuku na wo katã, nenem bena, wobia wo nɔewo bena: Nuka enye esia? Nufiafia yeye! Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ makɔmakɔwo, eye woɖoa toe.


Eye kuvia ɖo wo katã, eye wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Nuka nyae nye esi ma? Elabena ekpɔ mɔ kple ŋusẽ hedea se na gbɔgbɔ blibawo, eye woɖoa go.


Eye wòdo abɔ da hede asi eŋu gblɔ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ! Eye enumake anyi la vɔ nɛ.


Eye Yesu yi kpli wo. Ke esi eya, kple aƒe la dome megadidi o la, aʋafia la dɔ eƒe xɔlɔ̃wo ɖe egbɔ gblɔ bena: Aƒetɔ, megaɖe fu na ɖokuiwò o; elabena medzem bena, nava nye xɔ te o;


Elabena nye hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye, eye megblɔna na amesia be: Yi, eye wòyina, eye na ame bubu be: Va, eye wòvana, eye na nye dɔla be: Wɔ esia, eye wòwɔna.


Miele ekpɔm azɔ be, nye ɖeɖe koe ti, eye mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye oa? Mewua ame, eye megbɔa agbee, meƒoa ame, eye meyɔa ɖoe, eye womate ŋu aɖe amea ɖeke tso asinye o.


Yehowa wua ame, eye eya ke gbɔa agbe ame, edea ame tsiẽ, eye wògahea ame ɖoa goe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa