Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye Yesu yi kpli wo. Ke esi eya, kple aƒe la dome megadidi o la, aʋafia la dɔ eƒe xɔlɔ̃wo ɖe egbɔ gblɔ bena: Aƒetɔ, megaɖe fu na ɖokuiwò o; elabena medzem bena, nava nye xɔ te o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Yesu tso kpla kplɔ wo ɖo. Gake hafi wòaɖo aƒea me la, aʋafia la dɔ exɔlɔ̃ aɖewo ɖa be woagblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mègaɖe fu na ɖokuiwò be nàva nye aƒe me o, elabena nyemedze na bubu sia tɔgbi o.

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:6
15 Mawu Ofanana  

Eye Yakob gblɔ bena. Wò, fofonye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu, Yehowa, wò amesi gblɔ nam bena: Trɔ yi ɖe wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye mawɔ nyuie na wò la,


Amegbetɔ ƒe dãda abɔbɔe ɖe anyi, ke amesi bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe asi asu bubu dzi.


abe alesi Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xoxo ta la ene.


Nye la metso tsi de mawutsi la na mi hena dzimetɔtrɔ; gake amesi le megbenye gbɔna la, tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo medzem be, matsɔ wo o la, eya atso Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi;


Eye wòyi kplii, eye ameha gãa de dze eyome ale be, womimii do.


Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.


Eye woawo la, esi wova Yesu gbɔ la, woɖe kuku nɛ vevie gblɔ bena: Edzee be, nawɔ esia nɛ;


elabena elɔ̃ miaƒe dukɔ la, eye eya kee tu miaƒe ƒuƒoƒe la na mi.


eyaŋuti nyemebu ɖokuinye hã bena, edzem be, mava gbɔwò o, ke boŋ gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla ƒe lãme asẽ.


Esi wogale nuƒoƒo dzi la, amea ɖe tso ƒuƒoƒemegã la ƒe me va gblɔ bena: Wò nyɔnuvi la ku, megaɖe fu na nufiala o!


Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.


Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le Aƒetɔ la ŋku me, eye wòakɔ mi ɖe dzi.


Ke ena amenuveve geɖe wu. Eyaŋuti wogblɔ bena: „Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa