Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Eye esi wòtrɔ ɖe nyɔnua gbɔ la, egblɔ na Simon bena: Ele nyɔnu sia kpɔma? Meva aƒewò me, eye mèna tsim be, maklɔ nye afɔwo ŋuti o, ke eya la fa aɖatsi ɖe nye afɔwo dzi, eye wòtsɔ eƒe taɖa hetutu wòe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

44 Azɔ Yesu trɔ ɖe nyɔnu la ŋu, eye wògblɔ na Simɔn be, “Èle nyɔnu sia kpɔma? Esi meva aƒewò me la, mèna tsim be maklɔ ɖi le nye afɔwo ŋu o, ke nyɔnu sia klɔ wo kple eƒe aɖatsiwo, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu woe.

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:44
11 Mawu Ofanana  

Woaku tsi via ɖe ve, ne miaklɔ miaƒe afɔwo ŋuti; emegbe la miagbɔ ɖe eme vie,


Eye wògblɔ bena: Oo, nye aƒetɔwo, mitrɔ va dze miaƒe dɔla gbɔ, ne míatsi adɔ, eye miaklɔ miaƒe afɔwo ŋu; etsɔ ŋdi kanya hafi miagadze miaƒe mɔ dzi. Ke woɖo ŋu ne bena: O, míatsi dugbɔdzi le ablɔ me adɔ boŋ.


Emegbe la ekplɔ ŋutsuawo va Yosef ƒe me, ku tsi na wo woklɔ afɔe, eye wòtsɔ gbe na woƒe tedziwo.


Dawid gagblɔ na Uriya bena: Yi aƒewò me, ne naklɔ afɔ! Tete Uriya do le fia ƒe me, eye fia ƒe nunana dze eyome.


eye wòtsi tre ɖe emegbe le eƒe afɔ nu hele avi fam, eye wòde asi aɖatsifafa me ɖe eƒe afɔwo dzi, eye wòtutu wo kple taɖa, eye wòɖuɖɔ eƒe afɔwo ŋuti, eye wotsɔ ami la hesi na wo.


Simon ɖo ŋu gblɔ bena: Mebu xa bena: Amesi wotsɔ geɖe wu kee lae. Eye wògblɔ nɛ bena: Ebui nyuie.


Tete wòtrɔ tsi ɖe tsileze me, eye wòde asi eƒe nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo ŋuti kɔklɔ me, eye wòle wo tutum kple tsiletse, si wosa ɖe ali.


amesi kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti; ne enyia viwo, ne ewɔa amedzro, ne eklɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋuti, ne ekpena ɖe fukpelawo ŋuti, ne enɔa ɖo nyui sia do nyui wɔwɔ yome.


Ke miawo la miedo vlo ame dahe la. Ɖe menye kesinɔtɔwo sẽa ŋuta le mia ŋuti, eye menye woawoe hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã?


Eye wòkplɔe yi eƒe me hena nuɖuɖu eƒe tedziwo, eye woklɔ afɔ, eye woɖu nu wono nu.


Tete wòtsi tre, eye wotsyɔ mo anyi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò dɔlanyɔnu aklɔ eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo ƒe afɔ ŋu abe kosi ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa