Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 eye wòtsi tre ɖe emegbe le eƒe afɔ nu hele avi fam, eye wòde asi aɖatsifafa me ɖe eƒe afɔwo dzi, eye wòtutu wo kple taɖa, eye wòɖuɖɔ eƒe afɔwo ŋuti, eye wotsɔ ami la hesi na wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

38 Etsi tsitre ɖe Yesu ŋgɔ le eƒe afɔ nu, eye wòfa aɖatsi kɔ ɖe eƒe afɔwo dzi va se ɖe esime afɔawo ƒo tsi. Eya megbe la, etsɔ eƒe taɖa tutu Yesu ƒe afɔwoe. Azɔ egbugbɔ afɔawo, eye wòʋu nu le amiʋeʋĩ la nu hesi na wo.

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:38
25 Mawu Ofanana  

Woaku tsi via ɖe ve, ne miaklɔ miaƒe afɔwo ŋuti; emegbe la miagbɔ ɖe eme vie,


Esi Ezra do gbeɖa, eye wòʋu eɖokui me, efa avi, eye wòmlɔ mawuxɔ ŋgɔ la, ameha gãa ɖe ŋutɔ tso Israel va kpe ta ɖe egbe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo; elabena dukɔ la fa avi vevie.


Nye anyidzedze gbɔ megɔdidi o, eye nye vevesesewo le ŋkunye me ɖaa.


Aƒetɔ, ke nye nuyiwo, eye nye nu aɖe gbe ƒa wò kafukafu!


Wò avɔwo nefu ɣeawokatãɣi, eye ami megagbe wò tamenɔnɔ o.


Wò ami le ya ɖem nyuie; wo ŋkɔ le abe ami, si wowu ene, eyata ɖetugbiwo lɔ̃a wo nya ɖo.


Etsɔ ami yi fia gbɔe, eye nèɖo atike ʋeʋẽe asi fũ; èɖo wò amewo ɖe didiƒe ke, eye nèbɔbɔ ta wòɖatɔ tsieƒe ke.


ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.


Woanɔ avi dzi ava, eye woanɔ koko ƒom makplɔ wo vɛ; makplɔ wo alo ma dzɔdzɔe, si dzi womakli nu le o la dzi ayi toʋuwo toe; elabena fofo menye na Israel, eye Efrayim la, vinye ŋgɔgbea ye.


Yehowa be: Azɔ hã la, mitsɔ miaƒe dzi blibo kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa trɔ ɖe ŋunye!


Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.


Woayra amesiwo le konyi fam la; elabena woawoe woafa akɔ na.


Eye Petro do go, eye wòfa avi vevie.


Woayra mi, amesiwo dɔ le mia wum azɔ la, elabena míaɖi ƒo. Woayra mi, amesiwo le avi fam azɔ la, elabena miako nu.


Eye kpɔ ɖa, nyɔnu nuvɔ̃wɔla ɖe le dua me, eye esi wònye bena, ele kplɔ ŋuti le farisitɔ la ƒe me la, etsɔ alabastrogoe, si me ami le la vɛ,


Ke esi farisitɔ, si kpee la, kpɔ esia la, egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Ɖe amesia nye nyagblɔɖila la, anya amesi kple amesi ƒomevi nye nyɔnu sia, si le asi dem eŋu; elabena nuvɔ̃wɔla wònye.


Eye eya enye Maria, si tsɔ ami ʋeʋẽe si na Aƒetɔ la, eye wòtutu eƒe afɔwo ŋuti kple eƒe taɖa, amesia ƒe nɔviŋutsu enye Lazaro, si le dɔ lém la.


Midze si miaƒe nublanuitɔnyenye, eye mifa konyi, eye mifa avi; mina miaƒe nukoko natrɔ zu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔ natrɔ zu modedeto.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa