Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Eye kpɔ ɖa, nyɔnu nuvɔ̃wɔla ɖe le dua me, eye esi wònye bena, ele kplɔ ŋuti le farisitɔ la ƒe me la, etsɔ alabastrogoe, si me ami le la vɛ,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

37 nyɔnu nu vɔ̃ wɔla aɖe si le dua me la se be Yesu nɔ nu ɖum le Farisitɔ la ƒe aƒe me. Eyi ɖatsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe ɖe asi.

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:37
18 Mawu Ofanana  

Ame eve siawo dometɔ kae wo fofoa ƒe lɔlɔ̃nu mahã? Wogblɔ bena: Gbãtɔ lae. Yesu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo tre mawufiaɖuƒe la me yiyi na mi.


Ke nudzɔla la tsi tre le adzɔge ke, eye melɔ̃ be, yeawu eƒe mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta gblɔ bena: Mawu, kpɔ nublanui na nye, nuvɔ̃wɔla!


Eye esi wokpɔe la, wo katã woli liʋiliʋi gblɔ bena: Eyina ŋutsu, si nye nuvɔ̃wɔla gbɔ dze ge.


Eye farisitɔwo kple woƒe agbalẽfialawo li liʋiliʋi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋuti gblɔ bena. Nukaŋuti mieɖua nu, eye mienoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?


Nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko hena dzimetɔtrɔ.


Amegbetɔvi la va, ɖua nu, noa nu, eye miegblɔ bena: Nutsuɖula kple ahatsunola, nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe xɔlɔ̃.


Eye farisitɔa ɖe kpee be, wòaɖu nu kplii. Eye esi wòyi ɖe farisitɔ la ƒe me la, ebɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti.


Eye eya enye Maria, si tsɔ ami ʋeʋẽe si na Aƒetɔ la, eye wòtutu eƒe afɔwo ŋuti kple eƒe taɖa, amesia ƒe nɔviŋutsu enye Lazaro, si le dɔ lém la.


Ale wogayɔ amesi ƒe ŋkuwo gbã tsã la zi evelia, eye wogblɔ nɛ bena: Tsɔ kafukafu na Mawu, miawo míenyae bena, amesia la nuvɔ̃wɔla wònye.


Mienya bena, Mawu meɖoa to nuvɔ̃wɔlawo o, ke boŋ ne amea ɖe vɔ̃a Mawu, eye wòwɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, eyae woɖoa toe.


Ke Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wotsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.


Nyateƒenya wònye, eye wòdze be, woaxɔe keŋ bena, Kristo Yesu va xexeame, nuvɔ̃wɔlawo ɖe ge, amesiwo dome menye gãtɔ le.


eye míenya esia bena, womena se ame dzɔdzɔe o, ke boŋ sedzidalawo kple tosẽlawo kple ame mavɔ̃mawuwo, kple nuvɔ̃wɔlawo kple ame makɔmakɔwo kple ahɔhlɔ̃bɔlawo kple tɔwulawo kple nɔwulawo kple amewulawo


Eye nenye bebli hafi woaxɔ ame dzɔdzɔe la, afika ame mavɔ̃mawu kple nuvɔ̃wɔla lado ɖo mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa