Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Ke farisitɔ kple sefiala, siwo mede mawutsi ta na o la, wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu numaɖinui na wo ɖokui.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 Farisitɔwo kple sefialawo koe gbe be yewomaxɔ ɖoɖo si Mawu wɔ na yewo la o. Ale wogbe be Yohanes made mawutsi ta na yewo o.)

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:30
11 Mawu Ofanana  

míedo toku nye aɖaŋuɖoɖowo katã, eye miegbe nye mokaname la,


Aleke miate ŋu ano gbɔgblɔm be, nunyalawo yewonye, eye Yehowa ƒe se la le yewo si me? Kpɔ ɖa, vavãe agbalẽnyalawo ƒe nuŋlɔnu trae wo aʋatsoe.


Eye wo dome ame ɖeka, si nye sefiala la, biae hele etem kpo bena:


Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie medi be, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala le ene, eye mielɔ̃ o!


Ke ne miegblɔ bena: Amewo gbɔ wòtso la, ekema dukɔ la katã laƒu kpe mí; elabena wokpɔ kakaɖedzi bena, Yohanes enye nyagblɔɖila.


Ameka gɔ̃ ŋuti matsɔ dzidzime sia ƒe amewo aɖoe, eye ameka woɖi mahã?


Elabena nyemegbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã gbɔgblɔ fia mi o.


Ke le Israel ŋuti la egblɔ bena: „Ŋkeke blibo la katã me medo nye asiwò ɖe dukɔ, si meɖoa to o, eye wòɖea ɖeklemi la.“


Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.


Nyemedoa vlo Mawu ƒe amenuveve la o; elabena ne dzɔdzɔenyenye to se la me va la, ekema Kristo ku dzodzro.


eya, amesi me míexɔ domenyinyi la hã le, esime woɖo mí ɖi le amesi wɔa nuwo katã le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe adaŋudede nu la, ƒe tameɖoɖoɖi la nu,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa