Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Esia enye amesi ŋuti woŋlɔ ɖo bena: „Kpɔ ɖa, mele ye dɔla dɔm ɖe ŋgɔwò, amesi adzra wò mɔ la ɖo le ŋgɔwò.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be, “ ‘Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò be, wòadzra wò mɔ la ɖo.’

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:27
10 Mawu Ofanana  

Miƒu to anyi, gbeƒãɖelaa ɖe ƒe gbe enye si. Mita mɔ ɖe gbe dzi na Yehowa, eye miwɔ mɔwo dzɔdzɔe ɖe gbegbe na mía Mawu la!


Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


Eyae nye amesi ŋuti woŋlɔ ɖi le bena: „Kpɔ ɖa, mele ye dɔla dɔm ɖo ɖe ŋgɔwò, amesi adzra wò mɔ la do le ŋgɔwò.“


Abe alesi woŋlɔ ɖi le nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ la me ene bena: „Kpo ɖa, mele ye dɔla dɔm ɖo ɖe ŋgɔwò, amesi adzra wò mɔ la ɖo;


Ke wò, ɖevi la, woayɔ wò be dziƒoʋitɔ ƒe nyagblɔɖila; elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ, be nadzra eƒe mowo ɖo,


Ekema nuka gɔ̃ kpɔ ge miedo go yie? Nyagblɔɖilaea? Ẽ, mele egblɔm na mi bena: Ewu nyagblɔɖila hã.


Mele egblɔm na mi bena: Le amesiwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke mewu Yohanes o: ke amesi nye suetɔ le mawufiaɖuƒe la me la, wu eyama.


Egblɔ bena: Amesi le ɣli dom le gbeadzi la ƒe gbe menye: „Midzra Aƒetɔ ƒe mɔ la ɖo“ abe alesi nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa