Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Alo nuka gɔ̃ kpɔ ge mieɖo go yie? Alo amesi ɖo awu bɔbɔea? Kpɔ ɖa, amesiwo le awu ŋɔŋɔewo me, eye wole agbe vivi nom la, woawoe le fiamɔ̃wo me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Ne menye nenema o la, ekema nu kae mieyi ɖakpɔ? Ame si do awu nyuiwoea? Ao, ame siwo doa awu xɔasiwo, eye wonɔa agbe kɔkɔ la, fiasãwo mee wokpɔa wo le.

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:25
16 Mawu Ofanana  

Tete Barsilai ɖo ŋu na fia la bena: Ŋkeke nenie megale agbe nɔ ge, ne mayi Yerusalem kple fia la?


nuɖuɖu, si le eƒe kplɔ dzi, eƒe dɔlawo ƒe nɔƒewo, eŋu mewo ƒe subɔsubɔ kple woƒe awuwo kple eƒe ahakulawo kpakple numevɔ, si wosana le Yehowa ƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖee.


Woɖo ŋu nɛ bena: Ŋutsu la nye fume, eye wòtsɔ lãgbalẽ bla ali dzi. Tete wògblɔ be: Eliya, Tisbitɔe.


woaɖakplɔ fiasrɔ̃ Wasti va fia ŋku me, eye fiakuku nanɔ eta, ne wòafia eƒe tugbedzedze dukɔwo kple fiawo, elabena edze tugbe.


etu aglo na eƒe amegãwo katã kple eƒe dɔlawo le eƒe ftaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me, eye Persia-ʋakɔwo kple Media-ʋakɔwo, bubumewo kple anyigbawo ɖzikpɔlawo le eŋku me;


heva fia ƒe agbo nu; elabena amea ɖeke mekpɔ mɔ anɔ akpanya me age ɖe fia ƒe agbo me o.


Le ŋkeke etɔ̃agbe la Ester do fiawu, eye wòyi fiasã ƒe xɔxɔnu emetɔ, si le fia ƒe xɔ ŋgɔ la. Fia la bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi le fiasã me dze ŋgɔ aƒe la ƒe ʋɔtru.


Eye Mardoxai le fiawu, si nye aɖabɛ blɔtɔ kple aklala me, eɖo sikafiakuku gãa ɖe, eye wòle awu ʋlaya, si nye aklala kple aɖabɛ dzĩto me hedo le fia la gbɔ; eye Susa-du la tso aseye hekpɔ dzidzɔ.


Edo dzɔdzɔenyenye abe ga wu ene, eye wòɖɔ xɔname ƒe gakuku ɖe la; eta hlɔ̃biabia abe ava ene, eye wòda ŋuʋaʋã ɖe abɔ abe taɖedzi ene.


Alo nuka kpɔ ge miedo go yii? Alo amesi do awu bɔbɔewoa? Kpɔ ɖa, amesiwo do awu bɔbɔewo la, woawoe le fiawo ƒe aƒewo me.


Ke Yohanes la ŋutɔ la, kposɔfuwu le eŋu, eye lãgbalẽlidziblanu le eƒe ali dzi; eye eƒe nuɖuɖu enye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.


ke mele egblɔm na mi bena: Salomo le eƒe ŋutikɔkɔe katã me la meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o.


Eye ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si doa awu dzi kple aklalabiɖibiɖiwu, eye woɖua agbe gbesiagbe le dzidzɔ me;


Ke esi Yohanes ƒe ame dodowo dzo yina la, ede asi gbɔgblɔ me na amehawo le Yohanes ŋuti bena: Nuka kpo ge mieɖo go yi gbedzi mahã? Alo ayeti, si ya le ʋuʋum la mahã?


Ekema nuka gɔ̃ kpɔ ge miedo go yie? Nyagblɔɖilaea? Ẽ, mele egblɔm na mi bena: Ewu nyagblɔɖila hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa