Eye Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Mana bena: Kpɔ ɖa, woɖo amesia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple tsitretsitsi le Israel, kple dzesi, si woagblɔ nya ɖe eŋuti;
Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Miheyi ɖagblɔ nusi miekpɔ kple nusi miese la, fia Yohanes bena: Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm; tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.
Ke esi Yohanes ƒe ame dodowo dzo yina la, ede asi gbɔgblɔ me na amehawo le Yohanes ŋuti bena: Nuka kpo ge mieɖo go yi gbedzi mahã? Alo ayeti, si ya le ʋuʋum la mahã?