Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Miheyi ɖagblɔ nusi miekpɔ kple nusi miese la, fia Yohanes bena: Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm; tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Eya ta eɖo eŋu na ame dɔdɔawo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miekpɔ kple nu si miese la fia Yohanes be ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye kpodɔlélawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo.

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:22
31 Mawu Ofanana  

Menye ŋku na ŋkuagbãtɔ, eye menye afɔ na bunɔ.


Yehowa naa ŋkuagbãtɔwo kpɔa nu, Yehowa fɔa amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la, ɖe tsitrenu, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo.


Mana ŋkuagbãtɔwo nazɔ mɔ, si Womenya o la dzi, eye makplɔ wo ato toƒe manyamanyae, mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye kpoƒeewo nazu zɔzrɔ̃e. Nusiawo wo ge mala, eye nyemadzudzɔe o.


Kplɔ dukɔ, si ta ŋku le, hafi wònye ŋkunɔ, to le eta, hafi wònye tokunɔ la doe!


Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso anyiehe-nyigba dzi, eye maƒo wo nu ƒu tso anyigba ƒe dzogoewo dzi, ŋkunɔwo, xɔdrɔ̃wo, funɔwo kple vinɔwo siaa anɔ wo dome, woanɔ ha gãwo me agbɔ va afisia.


Eye makpɔtɔ dukɔ ɖagbi, si bɔbɔ eɖoku ɖe anyi la, ɖe mewò, eye woaɣia wo ɖokul ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me.


Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Eye ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ le mawuƒe la me, eye wòda gbe le wo ŋu.


Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyuie afia ame dahewo, edɔm, bena mayɔ dɔ amesiwo ƒe dzi gbã,


Eye le gaƒoƒo ma dzi la eda gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòna ŋkuagbãtɔ geɖewo kpɔ nu.


Eye Woayra amesi mekpɔ nuɖiaɖia le ŋutinye o.


Natanael gblɔ nɛ bena: Ɖe nu nyuia ɖe ate ŋu atso Nazaret mahã? Filipo gblɔ nɛ bena: Va kpo.


be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.


Elabena ame geɖe, siwo me gbɔgbɔ makɔmakɔwo le la, do go hele ɣli dom kple gbe sesẽ; eye wòda gbe le tekunɔwo kple dɔnɔ geɖewo ŋu.


Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo to: Ɖe menye Mawue ɖia xexeame ame dahewo, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple fiaɖuƒe, si ŋugbe wòdo na amesiwo lɔ̃nɛ la, ƒe domenyilawo o mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa