Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye esi wote va la, ede asi aɖaka la ŋuti; eye etsɔlawo tɔ ɖe tsitre. Eye wògblɔ bena: Ɖekakpui, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Yesu te ɖe amekukuɖaka la ŋu, eye wotɔ asii, enumake ame siwo tsɔ aɖaka la tɔ ɖe tsitre. Azɔ egblɔ na ame kukua be, “Ɖekakpui, tsi tsitre.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:14
20 Mawu Ofanana  

Tete wòdra ɖe ɖevi la dzi zi etɔ̃ heyɔ Yehowa gblɔ bena: Yehowa, nye Mawu, gbugbɔ ɖevi sia ƒe luʋɔ gava emee dzro!


Yehowa se Eliya ƒe gbe, eye ɖevi la ƒe luʋɔ gagbugbɔ va eme, eye wògbɔ agbe.


ke ne amegbetɔ mlɔ anyi la, megafɔna o, ŋkeke alesi dziƒowo li la, menyɔna o, eye womenyɔnɛ tsoa eƒe alɔ̃dɔdɔa me o.


Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? Le nye aʋamenɔɣiwo katã la manɔ asiɖeɖe le ŋunye lalam.


Elabena eƒo nu, eye wòva me; ede se, eye wòɖo di.


Wò ame kukuwo agbɔ agbe, eye nye ame kukuwo afɔ ɖe tsitre! Minyɔ, mi ketu me tɔwo, eye mitso aseye, elabena miaƒe zãmu enye kekeli ƒe zãmu, eye anyigba aɖe ŋɔliwo ana.


Eye wòlé ɖevi la ƒe alɔnu hegblɔ nɛ bena: Talita kumi, si gɔme enye bena: Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!


Eye esi Aƒetɔ la kpɔ ahosi la la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti, eye wògblɔ nɛ bena: Megafa avi o!


Eye ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi, eye wòde asi nuƒoƒo me, eye wòtsɔe na dadaa.


Eye nya sia ɖi hoo le eŋuti le Yudea blibo la kple nutoawo katã me godoo.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe;


Elabena sigbe alesi Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wògbɔa agbe; wo la, nenema ke Vi la hã agbɔ agbe amesiwo wòlɔ̃na.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esime ame kukuwo ase Mawuvi la ƒe gbe, eye amesiwo see la, woanɔ agbe.


abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo“ le Mawu, si dzi nèxɔ se ƒe ŋku me, amesi gagbɔa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nusiwo meli o, abe nusiwo li la ene;


Elabena nusiwo wowɔ le ɣaɣlaƒe la, enye ŋukpe be woaƒo nu le wo ŋuti gɔ̃ hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa