Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke esi wògogo du la ƒe agbo nu la, kpɔ ɖa, wotsɔ ame kukua ɖe, si nye tenuvi na dadaa, si nye ahosi la, le go domi, eye duametɔ geɖewo kpe ɖe eŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Esi wòsusɔ vie woaɖo dua ƒe agbo nu la, wokpɔ be wotsɔ ame kuku aɖe le go domi. Ame si ku woyina ɖiɖi ge la nye viŋutsu akogo si nɔ dadaa si nye ahosi la si. Esia wɔe be ame geɖewo ŋutɔ kplɔ ahosia ɖo henɔ konyi fam kplii.

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:12
20 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ bena: Megaka asi ɖevi la ŋu o, eye megawɔ nanekee o! Menyae azɔ bena, èvɔ̃a Mawu, elabena mete wò tenuvi lam o.


Eye wògblɔ nɛ bena: Kplɔ Isak, wò tenuvi, si gbɔ mèlɔ̃a nu lena o la, yi ɖe Moria-nyigba dzi, eye natsɔe amè nui le afima le vɔsamlekpui dzi le toa ɖe, si mafia wò la dzi!


Azɔ kpɔ ɖa, ƒome blibo la tso ɖe wò dɔlanyɔnu ŋu gblɔ bena: Ɖe amesi wu nɔvia la de asi, ne míawu ɖe nɔvia, si wòwu la, ƒe agbe teƒe, eye míatsrɔ̃ domeɖula hã ɖa! Eye wole didim be, yewoatsi nye dzoka, si kpɔtɔ ɖi la, ne ŋkɔ kple dzidzimevia ɖeke maganɔ srɔ̃nye si le anyigba dzi o.


Eɖo ŋu bena: Meta Yehowa, wò Mawu ƒe agbe: Ne aboloa ɖe le asinye fĩ! Negbe wɔ asiʋlo ɖeka koe le ze me kple ami via ɖe le goe me, eye kpɔ ɖa, meva nake wuwlui fɔ ge, be mayi aɖaɖae, ne mía kple vinyeŋutsu miaɖu, hafi míaku.


Tete wògblɔ na Eliya bena: Mawu ƒe ame! Nya ka le mia kpli wò dome? Ɖe nèva gbɔnye, be naɖo ŋku nye nuvɔ̃wo dzi, eye nawu vinyea?


Eye Eliya tsɔ ɖevi la ɖi tso xɔtaxɔ la me va xɔa me, eye wòtsɔe na dadaa. Eye Eliya gblɔ bena: Kpɔ ɖa, viwò la tsi agbe.


Tso, nayi Zarpat, si nye Zidontɔwo tɔ, eye natsi afima; kpo ɖa, meɖe se na ahosia ɖe le afima, be wòanyi wò.


egblɔ bena. Le ƒe, si gbɔna ƒe wɔale siawo ɣi la, ŋutsuvi anɔ alɔto na wò. Egblɔ bena: Kpao, nye aƒetɔ, Mawu ƒe ame, megaflu wò dɔlanyɔnu o!


Tete wòkɔe yi na dadaa, eye wòlée ɖe akɔ, vaseɖe esime woku le ŋdɔ me.


Ame tsiasi ƒe yayra vaa dzinye, eye mewɔa ahosi ƒe dzi wòtsoa aseye.


Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.


Eye esi ŋu eke la, eva me bena, eyi ɖe dua ɖe, si woyɔna be Nain la me; eye eƒe nusrɔ̃la geɖeawo kple ameha gãa ɖe kpe ɖe eŋuti yi.


Eye esi Aƒetɔ la kpɔ ahosi la la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti, eye wògblɔ nɛ bena: Megafa avi o!


elabena vianyɔnuvi ɖeka pɛ, si xɔ ƒe anɔ ƒe wuieve la, le esi, eye eya le kudɔ ƒom. Ke esi wòyina la, ameha la mimii ɖo.


Eye wo katã wole avi fam, eye wole konyi fam nɛ. Ke egblɔ bena: Migafa avi o! Meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.


eye Yudatɔwo dome ame geɖewo va Marta kple Mana gbɔ, bena yewoafa akɔ na wo le wo nɔvi la ŋuti.


Eye Petro tsi tre, eye wòyi kpli wo. Eye esi wòva la, wokplɔe yi ɖe dziƒoxɔa me, eye ahosiawo katã le tsitre ɖe egbɔ le avi fam hele awutewui kple awu ʋlaya, siwo Zi tɔ, esime woa kpli wo wonɔ anyi la, fiam.


Eye wòna asii hekɔe ɖe dzi; eye esi wòyɔ ame kɔkɔeawo kple ahosiawo ve la, etsɔe ɖo woƒe ŋku me agbagbee.


Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒoa ɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa