Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 6:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Ke nukaŋuti nèkpɔ ati fefee le nɔviwò ƒe ŋku me, eye mèdzea si atikpo, si le wò ŋutɔ wò ŋku me la o mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

41 “Nu ka ta nèkpɔa ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi o mahã?

Onani mutuwo Koperani




Luka 6:41
18 Mawu Ofanana  

Yehowa agbugbɔ eƒe nu ava eƒe ta dzi, elabena eda nu ŋutsu eve, siwo nye ame dzɔdzɔewo, eye wonyo wui, amesiwo nye Israel ƒe aʋafia Abner, Ner vi, kple Yuda ƒe aʋafia Amasa, Yeter vi, eye wowu wo kple yi fofonye Dawid ƒe manyamanyae.


Gake metia Lewi kple Benyamin xlẽ ɖe wo dome o, elabena fiaƒe nya la nyo ŋu na Yoab.


Ame vɔ̃ɖi ƒe dzidada ƒe gbe le nye dzi me be: Mawu ƒe vɔ vɔ̃a ɖeke metso ga ɖe ŋku me na o.


Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?


Eye ne edze sii, eye wòɖe asi le eƒe dzi, siwo katã wòda ŋu la, anɔ agbe, maku o.


Migadrɔ̃ ʋɔnu, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.


Eye lãvi ʋeea ɖewo hã le wo si, eye esi wòyra ɖe wo dzi la, ena wotsɔ woawo hã ɖo wo kɔ me.


Nusrɔ̃la mewua eƒe nufiala o, ke amesiame, si wofia nui la, lanɔ abe eƒe nufiala ene.


Aleke lawɔ nate ŋu agblɔ na nɔviwò bena: Nɔvinye, na mɔm, ne maɖe ati fefee, si le wò ŋku me, esi wò ŋutɔ mèkpɔ atikpo, si le wò ŋku me la o mahã? Alakpatɔ, ɖe atikpo la le wò ŋku me gbã, eye ekema nakpɔ nyuie be, naɖe ati fefee, si le nɔviwò ƒe ŋku me.


Eye esi wogale ebiabia dzi la, efɔ kɔ te, eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke nuvɔ̃ mele eŋuti le mia dome o la, netre kpe la fɔfɔ ƒui.


Eyata taflatsedodoa ɖeke mele asiwò o, oo ame, amesi ke ƒomevi nènye le ʋɔnu drɔ̃m la! Elabena nusi ke netsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke netsɔna bua fɔ ɖokuiwò; elabena wò amesi le ʋɔnu drɔ̃m la, wò ŋutɔ èwɔa nu mawo ke.


Elabena ekpɔ eɖokui dze sii, eye wòdzo heyi, eye enumake la eŋlɔ alesi wòle la be.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa