Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 6:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Eye wòdo lo hã na wo bena: Ɖe ŋkuagbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Alo ɖe wo ame eve la katã madze do me o mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

39 Yesu yi edzi do lo sia na wo be, “Ɖe ŋkugbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Ɖe wo kple eve la mage adze do me oa?

Onani mutuwo Koperani




Luka 6:39
14 Mawu Ofanana  

Woƒe dzɔlawo katã nye ŋkuagbãtɔwo, womele si dzem naneke o; avũ aɖetututɔ, siwo mate ŋu aɖe gbe o la, wo katã wonye, womlɔ anyi le drɔ̃e kum, eye alɔ̃ le wo nu vivim.


Eyata Aƒetɔ la makpɔ dzidzɔ le woƒe ɖekakpuiwo ŋu o, eye mave woƒe tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo nu o, elabena wo katã wonye ame vɔ̃ɖiwo kple nu tovo wɔlawo, eye nusianu gblɔa nya gbegblẽ. Ke to esiawo katã gbɔ hã eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Ne ŋukpe lé wo, le esi wowɔ ŋunyɔnu ta hã la, woƒe mo metsia dã o, eye womenyaa nukae nye ŋukpe o. Eyata woatsi ame tsiaʋawo dome, eye wòadze anyi le ɣeyiɣi, si mahe to na wo, Yehowa ye gblɔe!


Ne ŋukpe lé wo, le esi wowɔ nu nyɔŋu ta hã la, woƒe mo metsia dã o, eye womenyaa nukae nye ŋukpe o. Eyata woatsi ame tsiaʋawo dome, eye wòadze anyi le ɣeyiɣi, si mahe to na wo, Yehowa ye gblɔe.


Eye wògblɔ nya geɖewo na wo le lododowo me bena: Kpɔ ɖa, nukuwula do go yi nuku wu ge;


Miɖe asi le wo ŋu! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye na ŋkuagbãtɔwo. Ke ne ŋkuagbãtɔ le mo fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.


Dawo, ƒliwo ƒe dzidzimewo! Aleke miawɔ asi atso dzomavɔʋe ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã?


eye neɖo ŋu ɖe ɖokuiwò ŋu bena, yee nye ŋkuagbãtɔwo ƒe mɔfiala kple amesiwo le viviti me la ƒe kekeli


Ke ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa