Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 6:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Gake milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwo nu nyui, miɖo nu, eye migakpɔ mo na exɔxɔ o, ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo, elabena eya hã ƒe dɔme nyo na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

35 “Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwɔ dɔmenyo na wo. Mido nu na wo, eye migakpɔ mɔ na exɔxɔ o. Ne miewɔ esia la, ekema miaƒe fetu asɔ gbɔ le dziƒo, eye mianye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo elabena eya ŋutɔ nyoa dɔme na akpemadalawo kple tagbɔ sesẽ tɔwo hã.

Onani mutuwo Koperani




Luka 6:35
21 Mawu Ofanana  

Eme anye na ŋutsu, si naa nu ame, eye wòdoa nu na ame; eya ƒe nya aɖu dzi le ʋɔnudɔdrɔ̃ nu.


Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.


Evea ame nu ɣesiaɣi, eye wòdoa nugbana, eye viawo zua yayra.


Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ, elabena ele hlɔ̃biabia kpɔm, eye aklɔ eƒe afɔwo ɖe eme vɔ̃ɖi ƒe ʋu me.


Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.


Woayra dɔmenyolɔ, elabena eɖe eƒe abolo hena ame dahe.


Woayra amesiwo léa avu la; elabena woayɔ wo be mawuviwo.


eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ bena: Nya kae le mía kpli wò dome, Yesu, Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi! Meta Mawu na wò bena, megawɔ funyafunyam o.


Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoxɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae;


Mizu nublanuikpɔlawo, abe alesi mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene.


Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo míenye, ne lɔlɔ̃ le mia dome


Esia me wokɔ Fofonye ŋuti le, bena mietsea ku geɖe, eye miazu nye nusrɔ̃lawo.


Gake la medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eɖokui ŋuti o, le esime wòwɔa nyuie, eye wòna tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo, eye wotsɔ nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa