31 Eye alesi miedi bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwo na wo nenema ke.
31 Ale si tututu nèdina be amewo newɔ na ye la, wò hã wɔ na wo nenema.
Eye evelia, si ɖii la, enye bena: „Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.“
Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo; elabena esia enye se la kple nyagblɔɖilawo.
Na nu amesiame, si le biawòm, eye amesi tso wò nu la, megabia ta se o.
Elabena wowu se blibo la katã nu le nya ɖeka me, le esia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.“