Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 6:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Amesi ƒo tome ɖeka na wò la, nyẽ ekeme hã nɛ, eye amesi tso wò awu la, megagbe wò avɔ hã tsɔtsɔ nɛ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 “Nenye be ame aɖe ƒo wò tome ɖeka la, trɔ evelia hã nɛ wòaƒo! Nenye be ame aɖe tsɔ wò dziwui la, mègagbe wò awutewuitsɔtsɔ nɛ o.

Onani mutuwo Koperani




Luka 6:29
15 Mawu Ofanana  

Fia la gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti nègale nu ƒom ɖe edzi? Megblɔ be, mia kple Ziba miamã agble lɔ!


Tete Zedekya, Kenaana vi, te va ƒo to me na Mixa gblɔ bena: Afika Yehowa ƒe gbɔgbɔ dzo le gbɔnye yi hafi va ƒo nu kpli wò?


Mesia nye mẽdome ɖi na ameƒolawo, eye meɖo nye tome anyi na amesiwo nyɔa ɖa; nyemetsyɔ nu ŋku me le vlododo kple taɖeɖe ŋuti o.


neɖo to me anyi na amesi le eƒom, eye netsɔ ŋukpe ɖi ƒoe.


Ke wò Betlexem Efrata, esi nènye suetɔ le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewò Israel ƒe dziɖula le dzɔdzɔ ge atso nam, amesi dzɔɣi tso tititi le gbaɖegbe ʋĩ ke.


Tete woɖe ta ɖe mo nɛ, wotu koe, eye amea ɖewo hã ƒo tome nɛ


Eye esi wotsyɔ nu mo nɛ la, wobiae gblɔ bena: Amekae nye amesi ƒo wò, gblɔe fia mí!


Na nu amesiame, si le biawòm, eye amesi tso wò nu la, megabia ta se o.


Ke esi wògblɔ nusiawo la, dɔlawo dometɔ ɖeka, si le tsitre ɖe egbɔ la, ƒo tome na Yesu gblɔ bena: Ale nèɖo ŋu na nunɔlagã la enye si mahã?


Ke nunɔlagã Anania de se na amesiwo le tsitre ɖe egbɔ la bena, woaƒo nugbɔ nɛ.


Vaseɖe gaƒoƒo sia dzi la dɔ kple tsikɔ wua mí, eye miezɔa amama, eye woƒoa mí kple kɔ, eye nɔƒe gobia ɖeke meli na mi o.


Ke azɔ esia menyo na mi kura o bena, nyadɔdrɔ̃wo le mia dome ɖe mia nɔewo ŋuti. Nukaŋuti miena wowɔ vɔ̃ ɖe mia ŋuti boŋ oa? Nukaŋuti miena woba mi boŋ oa?


Elabena ne amea ɖe wɔ mi kluviwo, ne amea ɖe ɖu mi keŋ, ne amea ɖe lé mi, ne amea ɖe do eɖokui ɖe dzi, ne amea ɖe ƒo mo na mi la, miedoa dzi tsɔnɛ.


Elabena gatɔwo hã ƒe nu wɔ nublanui na mi, eye miedo dzi kple dzidzɔ le mia ŋutinuwo haha me, esi mienya bena, ŋutinu, siwo nyo wu, eye wonɔa anyi ɖaa la, li na mi le dziƒo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa