Ke ne míetsi nu do la, migato mo sigbe alakpatɔwo ene o; elabena wogblẽa mo na wo ɖokui, bena amewo nadze si wo abe amesiwo tsia nu dona la ene. Vavã mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo.
Eyaŋuti ne ena nu ame la, megana kpẽ naɖi le ŋgɔwò, sigbe alesi alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple ablɔwo me, bena amewo nakafu yewo la, ene o. Vava, mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo.
Eye ne miele gbe dom ɖa la, migano abe alakpatɔwo ene o; elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple ablɔwo ƒe dzogoewo dzi, bena amewo nakpɔ yewo. Vavã mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yi xoxo.
De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti do la dzi;