Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 5:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Simɔn Petro kpɔ nu si va dzɔ la, eya ta wòdze klo ɖe Yesu kɔme hegblɔ be, “O, Aƒetɔ, meɖe kuku dzo le mía gbɔ, elabena nye nu vɔ̃wo sɔ gbɔ ŋutɔ, eye nyemedze be mate ɖe ŋuwò o.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 5:8
19 Mawu Ofanana  

Eye Dawid vɔ̃ Yehowa gbemagbe hegblɔ be: Aleke Yehowa ƒe aɖaka la ava gbɔnye?


Tete wògblɔ na Eliya bena: Mawu ƒe ame! Nya ka le mia kpli wò dome? Ɖe nèva gbɔnye, be naɖo ŋku nye nuvɔ̃wo dzi, eye nawu vinyea?


Kpɔ ɖa, nyemele ɖeke me o nya ka matsɔ aɖo eŋu na wò? Maɖo asi nu.


Eye wogblɔ na Mose bena: Wò la ƒo nu kpli mí, eye míaɖo to asee, ke Mawu megaƒo nu kpli mí, bena míagaku o.


Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! Elabena ame miyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome, elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.


Eye esi nusrɔ̃lawo see la, wotsyɔ mo anyi, eye wovɔ̃ ŋutɔ.


Eye esi woyi ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria; tete wodze klo de ta agu nɛ, eye woʋu woƒe nuwo nu hetsɔ nunanawo, sika, kotoklobo kple lili nɛ.


Eye aʋafia la ɖo eŋu gblɔ bena: Aƒetɔ, medzem be, nava ge ɖe nye xɔ te o; ke gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔtsɔla ƒe lãme asẽ.


eye wòmia asi wo tɔ, siwo le ʋu bubu me la bena, woava ade asi eme na yewo. Eye wova, eye woyɔ ʋuawo kple eve fũ, ale be woɖe asi toyiyi me.


Elabena kuvia ɖoe kple amesiwo katã kpe ɖe eŋuti, le ɖɔɖiɖi zi ɖeka ƒe lã, si woɖe la ŋuti;


Azɔ esi Maria va afisi Yesu le, eye wokpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu hegblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, ɖe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o.


Elabena azɔ la míekpɔa nu le ahũhɔ̃e me le abebubu me, ke emegbe la ŋku me kple ŋku me; azɔ la medze si nu afã kple afã, ke emegbe la madze si nu keŋ, abe alesi wodze sim keŋ la ene.


Eye esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Eye wòda eƒe nuɖusi ɖe dzinye gblɔ bena: Megavɔ̃ o, nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ


Manoax gblɔ na srɔ̃a bena: Miele kuku ge, elabena miekpɔ Mawu!


Eye Bet-Semestɔwo gblɔ bena: Ameka ate ŋu anɔ te ɖe Yehowa, Mawu kɔkɔe sia nu? Eye ameka gbɔ woatso mía gbɔ ayi?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa