Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 5:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ; ekema woatsi nu adɔ le ŋkeke mawo me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

35 Gake ɣeyiɣi li gbɔna esi woava kplɔ srɔ̃tɔ la adzoe le ameawo gbɔ, eye ne edzɔ alea la, woatsi nu dɔ le ɣeyiɣi ma me.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 5:35
23 Mawu Ofanana  

Ɣemaɣi la Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, yɔ ame hena avifafa, konyifafa, talulũ kple akpanyatata;


Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu.


Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu afa konyi, ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ la, ekema woatsi nu adɔ.


Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ; ekema woatsi nu adɔ le ŋkeke ma dzi.


Eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo bena: Ŋkekewo gbɔna, le esi me miadi be, míakpɔ Amegbetɔvi la ƒe ŋkekewo dometɔ ɖeka, eye míakpɔe o.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu atsi nu adɔ, esime ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã?


Eye wòdo lo hã na wo gblɔ bena: Amea ɖeke metsɔa avɔnuɖeɖi yeye kaa avɔ xoxo o; ke ne menye nenem o la, yeye la hã adze, eye yeye la ƒe nuɖeɖi mawɔ ɖeka kple xoxo la o.


Elabena ame dahewo li kpli mi ɖaa; ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.


Vinyewo, ɣeyiɣi via ɖe ko maganɔ anyi kpli mi. Miadim, eye abe alesi megblɔ na Yudatɔwo ene bena: Afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o la, nenema kee mele egblɔm na miawo hã azɔ.


Metso Fofo la gbɔ, eye meva xexeame: megale xexeame gblẽm ɖi, eye meyina Fofo la gbɔ.


Eye esi wògblɔ nusiawo, eye wole ekpɔm la, wokɔe yi dzi, eye alilikpo xɔe tso woƒe ŋkuwo me.


Eye esi wotia amegãwo na wo le ha sia ha me la, wodo gbe ɖa kple nutsitsiɖɔ, eye wotso wo ɖe Aƒetɔ, si dzi woxɔ se la, si me.


Amesi wòle na dziƒo be, wòaxɔ tsã vaseɖe nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi, esiwo ŋuti Mawu ƒo nu le, to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo katã ƒe nu me tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me la.


Migagblẽ mia nɔewo ɖi o, negbe ne wo kpakple eve lɔ̃ halase ɣeyiɣia ɖe dzi hafi, bena miakpɔ asinu ado gbe ɖa, eye nusia megbe la miagava awɔ ɖeka, bene Satana nagate mi akpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu la ŋuti o.


le agbagbadzedze kple kutrikuku me; le ŋudɔdɔwo me agbadre, le dɔwuame kple tsikɔwuame me, le nutsitsidɔwo me agbadre, le vuvɔ kple amamanɔnɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa