Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 5:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Ke ne mianyɛ bena, ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be, wòatsɔ nuvɔ̃wo ake le anyigba dzi, — egblɔ na lãmetututɔ la bena: Mele egblɔm na wò bena: Tsi tre, eye nakɔ wò aba dzi, eye nayi aƒewò me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Ke ne mianyae bena ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi.” Ale wògblɔ na lãmetututɔ la be, “Tsi tsitre nàŋlɔ wò aba nàyi aƒe me.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 5:24
26 Mawu Ofanana  

Akpa nu kple ŋku, wòaɖi ƒo nɛ le eƒe luʋɔ ƒe agbagbadzedze ta. Nye dɔla dzɔdzɔe la atsa nunya atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe vodadawo te.


Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ ene heva ke ɖe amegã ɖeɖi la gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe.


Eye esi Yesu va Kaisarea Filipi-nutoawo me la, ebia eƒe nusrɔ̃lawo bena: Ameka amewo gblɔna bena, Amegbetɔvi la nye mahã?


Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi;


Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe; gake la mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi miele Amegbetɔvi la kpo ge, wòabɔbɔ nɔ anyi de ŋusẽ ƒe nuɖusi me, ana dziƒo ƒe alilikpowo dzi gbɔna.


Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Ke ne mianyae bena, ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be, wòatsɔ nuvɔ̃wo ake le anyigba dzi; tete wògblɔ na lãmetututɔ la bena: Tsi tre, kɔ, wò aba dzi, eye nayi aƒewò me!


Eye wòdo abɔ da hede asi eŋu gblɔ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ! Eye enumake anyi la vɔ nɛ.


Eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖewo tsɔ amea ɖe, si nye lãmetututɔ la, ɖe aba dzi ve, eye wodi alesi woawɔ atsɔe ayi ɖe eme, eye be woatsɔe aɖo eƒe ŋku me.


Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ: wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò loo, alo woagblɔ bena: Tsi tre, eye nazɔ azɔli mahã?


Eye esi wote va la, ede asi aɖaka la ŋuti; eye etsɔlawo tɔ ɖe tsitre. Eye wògblɔ bena: Ɖekakpui, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!


Eye esi wonyã wo katã do go la, elé eƒe alɔnu, eye wòyɔe gblɔ bena: Ɖevi, tsi tre!


Eye esi wògblɔ esia la, edo ɣli kple gbe, sesẽ bena: Lazaro lee, do go!


Sigbe alesi nena ŋusẽe ɖe ŋutilãa katã dzi ene, bena nusianu, si nènae la, wòana agbe mavɔ wo.


Eye amea ɖeke melia yi dziƒo kpɔ o, negbe amesi ɖi tso dziƒo va ko, eyae nye Amegbetɔvi, si le dziƒo.


eye wòna ŋusẽe, be woadrɔ̃ ʋɔnu hã, elabena Amegbetɔvi wònye.


egblɔ kple gbe sesẽ bena: Tsi tre, nadzɔ ɖe wò afɔwo dzi! Eye wòdzo kpo, eye wòzɔ azɔli.


Amesia Mawu do ɖe dzi le eƒe nuɖusi me abe kplɔla kple xɔla ene, bena wòana dzimetɔtrɔ kple nuvɔ̃wo ƒe keke Israel.


Eye Petro gblɔ nɛ bena: Ainea, Yesu Kristo yɔ dɔ wò: tsi tre, eye wò ŋutɔ naɖo wò aba! Eye enumake wòtsi tre.


Eye esi Petro nyã wo katã do go la, edze klo, eye wòdo gbe ɖa; eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ bena: Tabita, tsi tre! Eye eya la ʋu eƒe ŋkuwo, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ bɔbɔ nɔ anyi.


eye le sikakaɖiti adreawo titina la amea ɖe li, si ɖi amegbetɔvi, edo awu ʋlaya, eye wotsɔ sikalidziblanu bla akɔta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa