Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 5:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye agbalẽfialawo kple farisitɔwo de asi ɖikeke me gblɔ bena: Ameka enye esia, si gblɔ busunyawo? Ameka ate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko oa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Farisitɔwo kple agbalẽfiala siwo nɔ ameawo dome la bia wo nɔewo be, “Ame ka ƒomevi tututu ame sia buna be yenye? Egblɔ busunya! Elabena ame kae ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ ake tsɔ wu Mawu?”

Onani mutuwo Koperani




Luka 5:21
23 Mawu Ofanana  

Amesi tsɔa wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu,


Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le, ne woavɔ̃ wò.


Mede nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetso nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem. Sela.


Woana abe tsro le ya nu ene, eye Yehowa ƒe dɔla atutu wo ɖa.


Yehowa be: Miva mídrɔ̃ nɔ nu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wòbiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.


Nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋu wò nuvɔ̃wo o.


Mena wò dzidadawo bu abe atu ene kple wò nuvɔ̃wo abe alilikpo ene; trɔ va gbɔnye, elabena meɖe wò.


Aƒetɔ, see! Aƒetɔ, tsɔe ke! Aƒetɔ, ɖo ŋku anyi nawɔ nu, eye megahe ɖe megbe o, le wò ŋutɔ ɖokuiwò ta, nye Mawu! Elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe wò du la kple wò dukɔ la ŋu.


Ke nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke le Aƒelɔ, mía Mawu la si; elabena míese to ɖe eŋu,


Ne amea ɖe ƒo fi de Yehowa ƒe ŋkɔ la, woawui; ha blibo la naƒu kpee wòaku, eɖanye amedzro alo duamevi o, ele be, woaku, elabena eƒo fi de ŋkɔ kɔkɔe la.


Agakpɔ nublanui na mi, àxɔ aɖi le miaƒe vodadawo si, eye wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe.


Tete nunɔlagã la dze eƒe awuwo gblɔ bena: Egblɔ busunya! Ɖaseɖila kawo gahiã mí? Kpɔ ɖa, azɔ miese busunya la;


Eye kpo ɖa, agbalẽfialawo dometɔa ɖewo gblɔ le wo ɖokui me bena: Amesia le busunya gblɔm.


Azɔ mitse ku, siwo dze dzimetɔtrɔ, eye migade asi gbɔgblɔ me le mia ɖokui me bena: Abraham ye nye mía fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso kpe siawo me ke na Abraham.


Eye gbe ɖeka la eva ve me bena, esi wòle nu fiãm, eye farisitɔwo kple sefiala, siwo tso Galilea kple Yudea-duwo katã me kpakple Yerusalem va la, wobɔbɔ nɔ afima, eye Aƒetɔ ƒe ŋusẽ ti be, wòada gbe le wo ŋu.


Eye esi Yesu dze si woƒe ɖikekewo la, exɔ dzi gblɔ na wo bena: Nuka ɖi kem miele le miaƒe dzi me mahã?


Tete amesiwo le kplɔ̃a ŋuti kplii ta, de asi gbɔgbɔ me le woa ŋutɔ ɖokui me bena: Amekae nye esia, si tsɔa nuvɔ̃wo hã kena mahã?


Yudatɔwo ɖo ŋu nɛ bena: Menye dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti miele kpe ƒu ge wò ɖo o, ke boŋ le busubɔbɔ ŋuti; elabena ame nènye, eye nèwɔ ɖokuiwò Mawui.


Amekae atso Mawu ƒe ame tiatiawo nu mahã? Mawue nye afiatsola;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa